Lododo le dɔla si metsɔ nu vɔ̃ ke o la ŋuti
21 Azɔ Petro te ɖe eŋu, eye wòbiae be, "Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye ada vo ɖe ŋutinye, eye matsɔe akee? Zi adrea?"
22 Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Gbeɖe, menye zi adre o, ke boŋ zi blaadre teƒe adre."
23 Azɔ Yesu do lo sia be, "Dziƒofiaɖuƒe la sɔ kple fia aɖe si di be yeawɔ akɔnta kple eƒe dɔlawo la. 24 Esi wònɔ akɔnta la wɔm la, wokplɔ eƒe fenyila ɖeka vɛ; ame sia nyi fe sidi akpe akpewo le esi. 25 Fenyila la mate ŋu axe fe la o, eya ta fia la ɖe gbe be woadzra ŋutsu sia srɔ̃, viawo kple woƒe nu sia nu atsɔ axe fe lae.
26 "Ke dɔla la dze klo ɖe fia la ƒe akɔme ɖe kuku nɛ be, ‘O, Aƒetɔ, meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam vie, ne mava xe fe la katã na wò emegbe.’ 27 Dɔla la ƒe nu wɔ nublanui na fia la ale gbegbe be eɖe asi le eŋu, eye wòtsɔ fe si wònyi la hã kee.
28 "Ke esi dɔla sia do go yina la, edo go ehavi dɔla bubu, ame si nyi sidi alafa aɖewo ko ƒe fe le esi. Eti kpo dze edzi helé awu ɖe vɛ nɛ, eye wòbia tso esi be, ‘Xe fe si nènyi le asinye la nam!’
29 "Ŋutsu sia hã dze klo ɖe kuku nɛ be, ‘Meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam vie ekema maxe fe la katã na wò.’
30 "Gake ŋutsu vɔ̃ɖi sia gbe asiɖeɖe le fenyila la ŋuti, eye wòna wolée de mɔ va se ɖe esime wòaxe fe la katã nɛ. 31 Ŋutsu nublanuitɔ sia xɔlɔ̃ aɖe kpɔ nu si dzɔ la, eye wòyi ɖagblɔ nya la na fia la.
32 "Fia la yɔ ŋutsu vɔ̃ɖi si wòtsɔ fe kee la va egbɔ, eye wògblɔ nɛ be, ‘Wò, dɔla vɔ̃ɖi tagbɔsesẽtɔ! Nye ya metsɔ fe gbogbo si nènyi le asinye la ke wò esi neɖe kuku nam. 33 Nu ka ta wò hã màkpɔ nublanui na amewo abe ale si nye hã mekpɔ nublanui na wò ene o?’ 34 Fia la do dɔmedzoe ɖe ŋutsu sia ŋu vevie, eye wòna wodee gaxɔ me, afi si fukpekpe le, be wòanɔ afi ma va se ɖe esime wòaxe fe siwo katã wònyi la, pesewa afã hã masusɔ o.
35 "Alea tututu Fofonye si le dziƒo la hã awɔ na mi nenye be mietsɔ nu vɔ̃wo ke mia nɔewo tso miaƒe dzi me o."