Nunyalawo tso ɣedzeƒe
1 Esi wodzi Yesu le Betlehem le Yudea, le Fia Herod ŋɔli la, ɣletivimenunyalawo tso ɣedzeƒe va Yerusalem, eye wonɔ amewo biam be, 2 "Afi ka Yudatɔwo ƒe fia yeye si wodzi la le? Míekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe ke, ale míeva be míasubɔe."
3 Esi Fia Herod se nya sia la, dzika tso eya kple Yerusalem dua me nɔlawo katã ƒo. 4 Esia ta Fia Herod yɔ Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo katã ƒo ƒu, eye wòbia du si me woadzi Kristo le la wo. 5 Woɖo eŋu nɛ be, "Woadzi Kristo la le Betlehem le Yudea, elabena nenema woŋlɔe ɖi to nyagblɔɖila la dzi bena,
6 " ‘O, wò Betlehem, le Yudanyigba dzi,
menye Yudatɔwo ƒe du sue maxɔŋkɔ aɖe ko nènye o,
elabena wò mee
fia si le nye dukɔ Israel dzi ɖu ge la ado atso.’ "
7 Esia megbe la, Herod dɔ ame ɖo ɖe ɣletivimenunyala siawo dzaa, eye wòbia wo be woagblɔ ɣeyiɣi si tututu wokpɔ ɣletivi la zi gbãtɔ la na ye, eye wogblɔe nɛ. Ale wòdɔ wo kple gbedeasi sia be, 8 "Miyi Betlehem ne miadi ɖevi la, eye ne mieke ɖe eŋu la, mitrɔ va gblɔe nam bena nye hã mayi aɖasubɔe!"
9 Esi wose fia la ƒe nya la, wogayi woƒe mɔzɔzɔ dzi, eye ɣletivi si wokpɔ le ɣedzeƒe la gadze wo ŋgɔ heyi ɖatɔ ɖe aƒe si me ɖevi la le la tame. 10 Ke esi wokpɔ ɣletivia la, dzi dzɔ wo ŋutɔ. 11 Esi woge ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria, eye woyi ɖadze klo ɖe egbɔ enumake hede ta agu nɛ. Woʋu nu le woƒe nunanawo nu, eye wotsɔ sika, kotoklobo kple lifi nɛ. 12 Eye esi Mawu xlɔ̃ nu wo le drɔ̃eƒe bena womagatrɔ ayi Herod gbɔ o la, woto mɔ bubu yi wo de.