Lododo le wainbɔ me dɔwɔlawo ŋu
1 Lo bubu aɖe si Yesu do le dziƒofiaɖuƒe la ŋu lae nye esi: "Agbletɔ aɖe do go gbe ɖeka ŋdi aɖe be yeadi apaɖilawo woawɔ dɔ le yeƒe waingble me. 2 Eƒo asi kple apaɖilawo, eye wolɔ̃ be wòaxe sidi wuieve na ame sia ame ŋkeke ɖeka. Ale dɔwɔlawo yi waingble la me ɖadze dɔa gɔme.
3 "Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, ekpɔ ame aɖewo le asi me siwo menɔ dɔ aɖeke wɔm o. 4 Ekplɔ woawo hã yi eƒe agble la me, eye wòdo ŋugbe na wo be yeaxe ga home si dze la na wo ne ŋkeke la wu nu. 5 Le ŋdɔ ga wuieve me la, egaɖo ame bubuwo hã ɖe agble la me, eye anɔ abe ga etɔ̃ me ene la, egaɖo ame bubuwo hã ɖa nenema ke.
6 "Ke esi wòƒo ɣetrɔ ga atɔ̃ la, egayi dua me, eye wògakpɔ ame aɖewo woli dɔ aɖeke mawɔmawɔe. Ebia wo be, ‘Nu ka ta mieli alea ko dɔ aɖeke mawɔmawɔe ŋkeke blibo la ɖo?’
7 "Woɖo eŋu nɛ be, ‘Ame aɖeke meva tsɔ mí be míawɔ dɔ na ye o.’
"Agbletɔ la gblɔ na wo be, ‘Ekema miyi nye agble me, eye miakpe ɖe ame siwo le dɔ wɔm le afi ma la ŋu.’
8 "Azɔ esi fiẽ ɖo la, agbletɔ la yɔ eƒe gadzikpɔla be neva xe fe na dɔwɔlawo, eye wòadze egɔme tso ame siwo wòɖo ɖe agble la me mamlɛa la dzi. 9 Gadzikpɔla la yɔ ame siwo yi agble la me le ga atɔ̃ me la vɛ, eye wòxe ŋkeke ɖeka blibo ƒe fetu na wo dometɔ ɖe sia ɖe. 10 Esia ta esi wòyɔ ame siwo va gbã la vɛ la, woawo nɔ bubum be yewoƒe fetu akɔ wu ame siwo va le ga atɔ̃ me la tɔ, gake kpao; ga home ma sinu ke ko wòxe na woawo hã.
11 "Ame gbãtɔwo he nya ɖe agbletɔ la ŋu vevie gblɔ be, 12 ‘Ame siawo la, gaƒoƒo ɖeka pɛ ko wowɔ dɔ, ke nu ka ta woxɔ fetu wòsɔ kple mí ame siwo wɔ dɔ ŋkeke blibo la katã le ŋdɔ sesẽ nu la tɔ ɖo?’
13 "Agbletɔa gblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, nyemedze agɔ le mia dzi o; ɖe menye miawo ŋutɔe lɔ̃ be ame sia ame axɔ sidi wuieve si nye ŋkeke ɖeka ƒe fetu oa? 14 Mexee na mi, eya ta mitsɔe miadzo. Nye ŋutɔe lɔ̃ xe ga home ma ke na ame sia ame. 15 Ɖe mɔ meli be be ame naxe ga home si dze eŋu la na nɔvia? Ɖe wòle be miado dziku, elabena mewɔ dɔmenyoa?’ 16 Esia ta gbãtɔwo azu mamlɛtɔwo eye mamlɛtɔwo azu gbãtɔwo."