Pular para o conteúdo
Publicidade

Mateus 23

Babadodo na Farisitɔwo kple agbalẽfialawo

1 Tete Yesu gblɔ na ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo be, 2 "Sefialawo kple Farisitɔwo Mose ƒe zi dzi, 3 eya ta miɖo to wo, eye miawɔ nu sia nu si wogblɔ na mi la, gake migawɔ nu si wowɔna la o, elabena woawo ŋutɔ mewɔna ɖe nu siwo fiam wole la dzi o. 4 Woblaa agba kpekpewo tsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta, gake woawo ŋutɔ mele klalo be yewoatsɔ yewoƒe asibidɛ akpe ɖe ameawo ŋu ̃ o.

5 "Nu sia nu si wowɔna la, ɖe wowɔnɛ ko be yewoadze abe ame nyuiwo ene le gota. Woƒe mawunya kpukpui, ŋkuɖodzinu siwo wosana ɖe ŋgonu kple abɔ la kekena wua ame sia ame , eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona be amewo nakpɔ be yewonye ame kɔkɔewo. 6 Wolɔ̃a kplɔ̃tanɔnɔ le nuɖuƒewo, eye wolɔ̃a ŋgɔgbezikpuiwo dzi nɔnɔ le woƒe ƒuƒoƒewo. 7 Ne wole ablɔ dzi yina, eye amewo le ŋkɔ dam ɖe wo dzi be, Nufialakple Aƒetɔla, evivia wo nu ŋutɔ.

8 "Migana woayɔ mi be Rabio, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe Nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye. 9 Migayɔ ame aɖeke le anyigba dzi afi sia be fofoo, elabena Fofoɖeka koe le mia si, eyae le dziƒo. 10 Migana be woayɔ mi be kplɔlawo o, elabena Kplɔla ɖeka koe li na mi, eyae nye Kristo la. 11 Ke ame si nye amegã le mia dome la, netsɔ eɖokui subɔlae boŋ. 12 Ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi la, woaɖiɖi wo ɖe anyi. Ke ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe anyi la, woado wo ɖe dzi.

13 "Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mietu dziƒofiaɖuƒe la ƒe agbo ɖe amewo nu. Miawo ŋutɔ miele eme yi ge o, eya ta mieɖe be ame siwo le agbagba dzem be yewoage ɖe eme la nayi eme o.

[ 14 "Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Miekpɔ le ahosiwo ŋu hexɔa woƒe aƒewo le wo si sesẽtɔe, eye emegbe la, miedoa gbe didiwo ɖa! Esia ta miaƒe tohehe asesẽ wu ame bubuawo !]

15 "Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mietsana le anyigba dzi kple atsiaƒuwo dzi, ɛ̃, afi sia afi ko be miawɔ ame ɖeka wòazu Yudatɔ le xɔse me, eye ne ezui la, miewɔnɛ wòzua dzomavɔmevi zi gbɔ zi eve wu miawo ŋutɔ.

16 "Baba na mi, mi kplɔla ŋkuagbãtɔwo! Miegblɔna be, Ne ame aɖe gbedoxɔ ta nui la, medze ̃ o, gake ne eyɔ sika si le gbedoxɔ me ta nui la, atam la blae17 Mi bometsila ŋkuagbãtɔwo! Kae lolo wu, sika la alo gbedoxɔ si sika la ̃ be wòle dzadzɛea? 18 Miawo kee gblɔ be, Ame si ta vɔsamlekpui la la, ate ŋu ada le atam si wòka la dzi faa, gake ne ame aɖe ta nunana si le vɔsamlekpui la dzi la, edze agɔ vevie nenye be wòda le ŋugbe si wòdo la dzi.19 Mi ŋkuagbãtɔwo! Kae le vevie wu, nunana si le vɔsamlekpui la dzi loo alo vɔsamlekpui la ŋutɔ si nana be nunana ŋuti kɔnaa? 20 Nenye be mieta vɔsamlekpui la la, ekema mietae kple nu siwo katã le edzi, 21 eye ne mieta gbedoxɔ la, ekema mietae kple Mawu, ame si nɔa eme la. 22 Nenye be mieta dziƒo la, minyae be mieta Mawu ƒe fiazikpui kple Mawu, ame si nɔa edzi la.

23 "Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mienaa ahamɛ, sikɔni kple tsyo ƒe ewoliawo ̃ , gake miegblẽ se la ƒe nu vevitɔ siwo nye afia nyui tsotso, nublanuikpɔkpɔ kple nuteƒewɔwɔ la ɖi. Ele be miawɔ ɖe esiawo dzi, eye mele be miagbe ekemɛawo o. 24 Mi kplɔla ŋkuagbãtɔwo! Mieɖea nudzodzoe suetɔ kekeake le miaƒe nunonowo me ƒua gbe, gake miemia miaƒe kposɔ ya.

25 "Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpatɔwo! Mieklɔa kplu kple nuɖugba ŋuti, gake wo me fũu kple ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi. 26 Farisitɔ ŋkuagbãtɔwo! Miklɔ kplu la kple nuɖugba la me gbã, ekema wo godo aɖi nyuie.

27 "Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Ɖeko miele abe yɔdokpe siwo wosi akalo na la ene, esiwo dzena le gota nyuie, ke wo me fũu kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple nu makɔmakɔ bubuwo. 28 Miawo , nenema kee miedze le gota le amewo gbɔ abe ame dzɔdzɔewo ene, gake mia me fũu kple alakpanuwɔwɔ kple ̃ɖivɔ̃ɖi.

29 "Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Miewɔ ŋkuɖodzikpe na nyagblɔɖilawo, eye mieɖo atsyɔ̃ na ame dzɔdzɔewo ƒe yɔdowo, 30 eye miegblɔ be, Ne ɖe míenɔ agbe le mía fofowo ŋɔli la, míawɔ ɖeka kpli wo le nyagblɔɖilawo ƒe ʋukɔkɔɖi me o31 Ale mieɖi ɖase le miawo ŋutɔ ɖokui ŋu be, mienye ame siwo wu nyagblɔɖilawo ƒe dzidzimeviwo. 32 Enyo ŋutɔ, azɔ miwu nu ̃ si gɔme mia fofowo dze la nu.

33 "Mi dawo! Dawo ƒe dzidzimeviwo! Aleke miawɔ asi le dzomavɔʋe ƒe fɔbubu nu? 34 Eya ta mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple nufiala siwo me Gbɔgbɔ la fũu la ɖom ɖe mi, ke miawo la, miawu wo dometɔ aɖewo alo aklã wo ɖe atitsoga ŋu, miaƒo ɖewo le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati geɖewo ƒe agbe yome tso afii yi afi . 35 Ne miewɔ esiawo la, ekema ame kɔkɔe siwo wowu le anyigba dzi tso keke Abel dzi va se ɖe Zekaria, Barakia ƒe vi si miewu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome le gbedoxɔa me la, ƒe ʋu ava mia dzi. 36 Vavã, mele egblɔm na mi be, tohehe siwo katã wodzra ɖo ɖi tso ɣe ma ɣi ke va se ɖe fifia la ava dzidzime sia dzi.

37 "O! Yerusalem, Yerusalem, du si me tɔwo wu nyagblɔɖilawo, eye woƒu kpe ame siwo Mawu ɖo ɖe . Medi zi geɖe be maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklo ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋalawo te ene, gake wogbe, womena mɔm o. 38 Fifia miaƒe aƒee ma zu aƒedo. 39 Ke mele egblɔm na mi be, miegale kpɔ nye ge o va se ɖe esime miagblɔ be, Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’ "

Veja também