Nugbeɖoɖo ɖe Yesu wuwu ŋuti
1 Esi Yesu ƒo nu na eƒe nusrɔ̃lawo le nya siawo ŋu vɔ la, egblɔ na wo hã be, 2 "Abe ale si mienya ene la, Ŋutitotoŋkekea adze egɔme le ŋkeke eve megbe, woadem asi eye woaklãm ɖe ati ŋuti."
3 Le ɣeyiɣi ma tututu me la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple Yudea dumegã bubuwo kpe ta ɖe nunɔlagãtɔ, Kayafa ƒe aƒe me, 4 be yewoade ŋugble tso ale si woawɔ alé Yesu le bebeme, awui la ŋuti. 5 Ke wo katã wolɔ̃ ɖe edzi be, "Míawɔ nu sia, gake menye le Ŋutitotoŋkeke la dzi o, ne menye nenema o la, zi atɔ le dukɔa me."
Amisisi na Yesu le Betania
6 Azɔ Yesu yi Betania, eye wòdze Simɔn anyidɔléla la ƒe aƒe me. 7 Esi wonɔ nu ɖum la, nyɔnu aɖe va aƒea me kple ami ʋeʋĩ xɔasi aɖe, eye wòʋui tsɔ kɔ ɖe tame na Yesu.
8 Esia ve dɔ me na nusrɔ̃lawo ŋutɔ, eye wogblɔ be, "Nu ka ta wòle be ame natsɔ ga aƒu gbe ɖe yame alea? Enyo be wòawɔ esia? 9 Ate ŋu adzra ami sia, akpɔ ga home gã aɖe atsɔ na ame dahewo ɖe!"
10 Yesu nya nu si bum nusrɔ̃lawo le, ale wògblɔ na wo be, "Migaɖe ɖeklemi kple nyɔnu la o, elabena nu nyui wònye wòwɔ nam. 11 Ame dahewo li kpli mi gbe sia gbe, ke nye la, nyemanɔ mia gbɔ tegbee o. 12 Esi wònye be nye ku gbɔna kpuie ta la, ekɔ ami ʋeʋĩ la ɖe dzinye be wòadzra nye ŋutilã ɖo hena ɖiɖi. 13 Vavã, mele egblɔm na mi bena, nyɔnu sia ƒe ŋkɔ mele bubu ge akpɔ o, elabena woagblɔ nu si wòwɔ la afia le xexea me godoo afi sia afi si woagblɔ nyanyui la le ko."
Yuda lɔ̃ be yeade Yesu asi
14 Le nyadzɔdzɔ sia megbe la, Yuda Iskariɔt, nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka yi ɖe nunɔlagãwo gbɔ, 15 eye wòbia be, "Ho neni miaxe nam nenye be mede Yesu asi na mi?" Enumake woxlẽ klosaloga blaetɔ̃ tsɔ de asi nɛ. 16 Tso gbe ma gbe dzi la, Yuda de asi mɔ si dzi wòato ade Yesu asi na nunɔlagãwo la didi me.
Yesu ɖu ŋutitotolẽvi la kple eƒe nusrɔ̃lawo
17 Le Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, nusrɔ̃lawo te ɖe Yesu ŋu, eye wobiae be, "Afi ka míele Ŋutitotoŋkekenyui la ɖu ge le?"
18 Yesu ɖo eŋu na wo be, "Ne miege ɖe dua me teti ko la, miado go ŋutsu aɖe. Migblɔ nɛ be, ‘Míaƒe Nufiala ɖo mí ɖe gbɔwò be míagblɔ na wò be yeƒe ɣeyiɣi la ɖo azɔ, eya ta ye kple yeƒe nusrɔ̃lawo yewoava adze gbɔwò aɖu Ŋutitotoŋkekenyui la.’ " 19 Nusrɔ̃lawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi pɛpɛpɛ, eye wodzra ɖo na Ŋutitotoŋkeke la ƒe nuɖuɖu le afi ma.
20 Le fiẽ me la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ kplɔ̃ ŋu, eye woɖu nu. 21 Ke esi wonɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na wo be, "Vavã, mele egblɔm na mi bena, mia dometɔ ɖeka adem asi be woawu."
22 Nya sia ɖi ɖe nusrɔ̃lawo ŋutɔ, ale wolé blanui. Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsi dzodzodzoe, eye wobiae be, "Aƒetɔ nyea? Aƒetɔ nyea?"
23 Yesu ɖo eŋu na wo be, "Ame si de asi nuɖugba me kplim lae le dɔ sia wɔ ge. 24 Ele na nye Amegbetɔ Vi la be maku abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe da ɖi xoxo ene, gake baba na ame si adem asi la. Le nyateƒe me la, nenye be womegaxa dzii o la, anyo nɛ wu sãa."
25 Ke azɔ la, Yuda hã bia Yesu be, "Nufiala, nyee le nu sia wɔ gea?"
Ke Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Nɔvi, wò tututue le dɔ sia wɔ ge."
Aƒetɔ ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la ɖoɖo anyi
26 Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi. Edo gbe ɖa ɖe abolo la ta, eye wòŋe eme hetsɔ na eƒe nusrɔ̃lawo eye wògblɔ be, "Mixɔe ɖu. Esiae nye nye ŋutilã."
27 Emegbe la, etsɔ wainkplu la hã ɖe asi, do gbe ɖa ɖe eta, eye wòtsɔe na wo be woano. Egagblɔ na nusrɔ̃lawo be, "Mi katã mixɔe no, 28 esiae nye nye ʋu si wotsɔ tre nubabla yeye la nui. Wokɔe ɖi be ame geɖe nakpɔ nu vɔ̃ tsɔtsɔke to eme."