Pular para o conteúdo
Publicidade

Mateus 26

Le Getsemane

36 Ke Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe abɔ aɖe si woyɔna be Getsemane la me, eye wògblɔ na wo be woanɔ anyi alala ye vie. Esi wonɔ elalam la, ezɔ yi ŋgɔ vie be yeado gbe ɖa. 37 Ekplɔ Petro kple Zebedeo ƒe vi eveawo siwo nye Yohanes kple Yakobo la ɖe asi. Esi wova ɖo teƒea la, vevesese helĩhelĩ kple nuxaxa eme.

38 Ale wògblɔ na wo be, "Nye lãme gbɔdzɔ ŋutɔ, eye nye dzi le nu xam heyi ku me ke, eya ta minɔ afi sia, eye mianɔ ŋudzɔ kplim."

39 Yesu yi ŋgɔ vie, dze klo, eye wòtsyɔ mo anyi. Azɔ edo gbe ɖa be, "Fofonye, ne anɔ bɔbɔe la, ekema ɖe agba sia ɖa le dzinye. Gake menye ale si medi o, ke boŋ lɔlɔ̃nu nava eme."

40 Yesu trɔ va nusrɔ̃la etɔ̃awo gbɔ, kasia ekpɔ be wonɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Eyɔ Petro, eye wòbiae be, "Ke miate ŋu anɔ ŋu kplim gaƒoƒo ɖeka teti oa? 41 Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne menye nenema o la, tetekpɔ aɖu mia dzi, elabena gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã ya gbɔdzɔ."

42 Yesu gagblẽ nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖi heyi ɖado gbe ɖa ake be, "Fofo, nenye be ele be matsɔ agba sia kokoko la, ekema mawɔ lɔlɔ̃nu."

43 Esi wògatrɔ va la, ekpɔ nusrɔ̃lawo woganɔ alɔ̃ dɔm ko, elabena alɔ̃ bla woƒe ŋkuwo. 44 Etrɔ le wo gbɔ gayi ɖado gbe ɖa zi etɔ̃lia.

45 Azɔ etrɔ va nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, "Miate ŋu adɔ alɔ̃ azɔ faa, eye miadzudzɔ mia ɖokuiwo, gake nɔviwo, ɣeyiɣi la de be woade nye Amegbetɔ Vi la asi na nu ̃ wɔlawo. 46 Mitso mídzo! Mikpɔ ɖa, ame si le denye ge asi lae nye ema gbɔna."

Veja também