Pular para o conteúdo
Publicidade

Hezekiel 35

Nyagblɔɖi ɖe Edom ŋuti

1 Yehowa ƒe nya va nam be, 2 "Ame vi, trɔ mo ɖe Seir to la gbɔ, gblɔ nya ɖi ɖe eŋu, 3 eye nàgblɔ be nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, Metso ɖe ŋuwò, Seir to la, mado nye asi ɖa ɖe ŋuwò, eye matsɔ awɔ aƒedo kple gbegbee. 4 Matrɔ duwo woazu aƒedo, eye ŋutɔ àzu gbegbe. Ekema ànya be, nyee nye Yehowa.

5 " Esi nèlé fu nye dukɔ Israelviwo ɖikaɖika tso blema ke, eye nètsɔ wo de asi na yi le esime woƒe tohehe ɖo kɔkɔƒe la, 6 eya ta meta ɖokuinye ƒe agbe, Aƒetɔ Yehowae gblɔe, be matsɔ ade asi na ʋukɔkɔɖi, eye wòanɔ yome. Esi mèlé fu ʋukɔkɔɖi o ta la, ʋukɔkɔɖi akplɔ ɖo. 7 Mawɔ Seir to la aƒedo kple gbegbe, eye maɖe ame siwo vana, gadzona ɖa le wo dzi. 8 Mana ame kukuwo nayɔ toawo dzi, ame siwo tsi yi nu la nayɔ togbɛwo dzi, baliwo me kple gbadzaƒewo katã. 9 Matsɔ awɔ gbegbee ɖika, eye amewo maganɔ duwo me o. Ekema ànya be, nyee nye Yehowa.

10 "Elabena ègblɔ be, Dukɔ eve kple anyigba eve siawo anye mía tɔwo, eye míaxɔ wotogbɔ be nye, Yehowa, menɔ afi ma . 11 Eya ta Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe be, Mawɔ na mi ɖe dziku kple ŋuʋaʋã si mieɖe fia le miaƒe fuléle wo me nu, eye mana woanyam ne medrɔ̃ ʋɔnu wo. 12 Ekema mianya be, nye Yehowa mese vlodoamenya siwo katã miegblɔ tso Israel ƒe towo kple togbɛwo ŋuti. Miegblɔ be, "Wozu gbegbe, eye wotsɔ wo na be míaɖu." 13 Mieƒo adegbe, tsi tsitre ɖe ŋunye, miegblɔ nya ̃wo bababa ɖe ŋunye, eye mese wo. 14 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, "Esime xexea me katã le aseye tsom la, mana nàzu gbegbe. 15 Esi miekpɔ dzidzɔ esime Israel ƒe aƒe ƒe domenyinu zu gbegbe ta la, nu si mawɔ wòe nye àzu gbegbe, O! Seir to, kple Edom blibo la. Ekema mianya be nyee nye Yehowa." ’ "

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também