Pular para o conteúdo
Publicidade

Hezekiel 28

Nyagblɔɖi tso Tiro fia ŋu

1 Yehowa ƒe nya va nam be, 2 "Ame vi, gblɔ na Tiro fia be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le dzi ƒe dada me la, ègblɔ be,

" Mawu aɖe menye,

menɔ anyi ɖe fia aɖe ƒe fiazikpui dzi le atsiaƒu titina.

Ke amegbetɔ ko nènye,

menye mawu aɖekee nènye o,

togbɔ be èbuna be yenya nu

abe mawu aɖe ene .

3 Ɖe nènya nu wu Daniel mahã?

4 Èwɔ nunya kple gɔmesese ŋu

hekpɔ hotsui na ɖokuiwò,

eye nèƒo ƒu sika kple klosalo

ɖe nudzraɖoƒewo.

5 Le nunya tso asitsatsa ŋu ta la,

èdzi hotsuikpɔkpɔ ɖe edzi,

eye le hotsuikpɔkpɔ ta la, dzi dana.

6 "Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:

"Be nèbu be yenya nu,

yenya nu abe mawu aɖe ene ta la,

7 makplɔ amedzrowo aƒu ,

dukɔ si me tɔwo mekpɔa nublanui

na ame kura o.

Woatsɔ woƒe yi ɖe nyonyo kple nunya ŋu,

eye woagblẽ atsyɔ̃ la me.

8 Woatutu ade aʋlime, eye àku ku veve aɖe

le atsiaƒuwo titina.

9 Ɖe nàgblɔ le ɣe ma ɣi me be, Mawu aɖee menye

le ame siwo le wuwòm la ŋkumea?

Amegbetɔ ko nènye, mènye mawu aɖeke o,

le ame siwo le wuwòm la ƒe asi me.

10 Àku abe aʋamatsomatsotɔwo

ene le amedzrowo ƒe asi me.

Nye Aƒetɔ Yehowae gblɔe."

11 Yehowa ƒe nya va nam be, 12 "Ame vi, dzi konyifaha aɖe ɖe Tiro fia ŋu, eye nàgblɔ be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si:

" Ènye blibodede ƒe kpɔɖeŋu,

nunya mewò, eye nyonyo de blibo.

13 Ènɔ Eden,

Mawu ƒe abɔ la me,

kpe xɔasi ɖe sia ɖe ɖo atsyɔ̃ na ,

Kanelian, krisolit kple emerald,

topaz, oniks kple yaspa,

lapis lazuli, tɔkuɔs kple beril.

Sikae wotsɔ ɖo to na , eye eya kee

wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na le gbe si gbe wowɔ .

14 Wosi ami na abe kerubi, amedzikpɔla ene,

elabena nenemae meɖo wòe.

Ènɔ Mawu ƒe to kɔkɔe la dzi,

eye nèzɔ le dzokpewo dome.

15 Vodada aɖeke menɔ zɔzɔme ŋu

tso gbe si gbe wowɔ

va se ɖe esime wokpɔ ŋutasesẽ le mewò o.

16 To asitsatsa yi teƒe geɖewo me la,

ŋutasesẽ mewò, eye nèwɔ nu ̃.

Eya ta menya ŋukpedoametɔe le Mawu ƒe to la dzi;

menya kerubi, amedzikpɔla, le dzokpeawo dome.

17 dzi de asi dada me le nyonyo ta,

eye nègblẽ nunya le atsyɔ̃ ta.

Ale metsɔ ƒu gbe ɖe anyigba.

Mena nèzu nukpɔkpɔ le fiawo ŋkume

18 To nu ̃ geɖewo kple asitsatsa

si me nuteƒewɔwɔ mele o me la,

èdo gu Kɔkɔeƒewo.

Eya ta mena dzo do tso mewò, fia ,

eye mena nèzu afi le anyigba,

le ame siwo katã nye nukpɔlawo la ŋkume.

19 Dukɔ siwo katã nya la ƒe nu ku le ŋutiwò;

nuwuwu dziŋɔ la va ɖo,

eye màganɔ anyi akpɔakpɔ o.’ "

Nyagblɔɖi ɖe Sidon ŋu

20 Yehowa ƒe nya va nam be, 21 "Ame vi, trɔ mo ɖo ɖe Sidon gbɔ. Gblɔ nya ɖi ɖe eŋu, 22 eye nàgblɔ be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:

" Metso ɖe ŋuwò, O! Sidon,

eye makpɔ nye ŋutikɔkɔe tso mewò.

Woanya be nyee nye Yehowa ne mehe to ,

eye mefia ɖokuinye kɔkɔe le eme.

23 Mana dɔvɔ̃ nadze edzi, eye ʋu nasi

le eƒe ablɔwo dzi.

Ame kukuwo adze anyi le eme,

eye yi anɔ eŋu le eƒe axa ɖe sia ɖe dzi.

Ekema woanya be nyee nye Yehowa.

24 " Eye ame ̃ɖiwo maganɔ anyi aƒo xlã Israelviwo, ame siwo ƒe aɖewo nye ŋu tɔame kple aŋɔka wɔnuveviame o. Ekema woanya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.

25 " Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne meƒo ƒu Israelviwo tso dukɔ siwo me wokaka wo ɖo me la, mafia ɖokuinye kɔkɔe le wo dome le dukɔwo ŋkume. Ale woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba si metsɔ na nye dɔla, Yakob la dzi. 26 Woanɔ dedie le afi ma, woatu xɔwo, eye woade waingble, woanɔ dedie ne mehe to na ame siwo katã ƒo xlã wo, eye wodoa vlo wo. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.’ "

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também