63 eye wogblɔ nɛ be, "Aƒetɔ, alakpatɔ ma gblɔ kpɔ be, ‘Matsi tsitre le ŋkeke etɔ̃ megbe,’ 64 eya ta míedi be nàɖe gbe ne woatre yɔdo la nu va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe, ale be eƒe nusrɔ̃lawo mate ŋu ayi aɖafi eƒe ŋutilã kukua ahable amewo be etsi tsitre o. Nenye be nu sia va eme la, ekema nu si adzɔ fifia la, awu gbãtɔ."