Pular para o conteúdo
Publicidade

Mateus 5

Dze kple kekeli

13 "Miawoe nye anyigba la ƒe dze. Ke ne miebu miaƒe dzenyenye ɖe, nu ka woagate ŋu awɔ kpli mi? Ŋudɔwɔnu aɖeke maganɔ mia ŋu o, ɖeko woatsɔ mi aƒu gbe, aɖo afɔ mia dzi.

14 "Miawoe nye xexea me ƒe kekeli. Womate ŋu aɣla du si le to dzi la o. 15 Ame aɖeke medraa akaɖi tsɔ dea afianu te o, ke boŋ ɖe akaɖiti dzi, be wòaklẽ na aƒea me nɔla ɖe sia ɖe. 16 Nenema ke mina miaƒe akaɖiwo naklẽ le amewo gbɔ, be woakpɔ miaƒe nyui wɔwɔ, eye woakafu mia Fofo si le dziƒo."

Veja também