Pular para o conteúdo
Publicidade

Mateus 8

Yesu tsi ahom nu le ƒu dzi

23 Azɔ ege ɖe ʋu aɖe me, eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dze ɖo ta ƒua ƒe go evelia dzi. 24 Kasia ahom dziŋɔ aɖe de asi tutu me, eye ƒutsotsoewo de asi ŋeŋe me ɖe ʋua me. Le ɣeyiɣi sia katã me la, Yesu ŋutɔ ya alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. 25 Nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu enumake. Woʋuʋui sesĩe hegblɔ kple ɣli be, "Aƒetɔ, ɖe ! Míele nyɔnyrɔm!"

26 Yesu gblɔ na wo be, "O, mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka miele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ale?" Azɔ etsi tsitre, eye wòblu ɖe ahom la ta. Ya sesẽ la enumake, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ le ƒua dzi.

27 Nusrɔ̃lawo ƒe nu ku ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, "Ame ka ̃e nye esia, be yaƒoƒo kple ƒutsotsoewo ɖoa toe mahã?"

Veja também