Pular para o conteúdo
Publicidade

Mateo 9

Yairo ƒe vinyɔnuvi kple nyɔnu si le ʋusisidɔ lém

18 Esime Yesu nya siawo gblɔm la, Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe ƒe amegã aɖe va dze klo ɖe eƒe ŋkume hede ta agu . Egblɔ na Yesu be, "Vinye nyɔnuvi ku fifi laa, gake mexɔe se be àte ŋu ana wòagagbɔ agbe nenye be èva ka asi eŋu ko."

19 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze ɖo ta amegã la ƒe aƒe me enumake. 20 Esime wonɔ mɔa dzi la, nyɔnu aɖe si ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ la va ka asi eƒe awu to, 21 elabena egblɔ le eɖokui me be, "Nenye be meka asi eƒe awu to teti ko la, nye lãme asẽ."

22 Yesu trɔ ɖe eŋu gblɔ be, "Vinyɔnuvi, dzi nedze eme! xɔse la da gbe le ŋuwò." Tso gbe ma gbe ko la, nyɔnu la ƒe dɔa keŋ.

23 Esi Yesu va ɖo amegã la ƒe aƒe me la, ekpɔ be amewo avi fam hoo, eye wonɔ kuteƒehawo dzim. 24 Yesu gblɔ be, "Mina ame siawo katã nado go le xɔa me, elabena ɖevi la meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle." Ame siwo se nya sia la ɖu fewu le eŋu, eye ɖewo koe.

25 Wonya ameha la do goe mlɔeba. Yesu yi afi si wokɔ ɖevi la mlɔe la, eye wòlé eƒe alɔnu. Nyɔnuvi la nyɔ enumake; eti kpo ɖi le aba la dzi, eye eƒe lãme sẽ. 26 Nukunu sia kaka ɖe nuto blibo la katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe.

Veja também