Yehowa do dɔmedzoe ɖe Ninive ŋu
2 Yehowa nye Mawu ʋãŋu kple hlɔ̃biala.
Ebiaa hlɔ̃, eye wòyɔ fũu kple dɔmedzoe.
Yehowa biaa hlɔ̃ eƒe ketɔwo,
eye wòléa dziku ɖi na eƒe futɔwo.
3 Yehowa medoa dziku kaɖikaɖi o,
ŋusẽ triakɔ le esi, eye magbe tohehe na agɔdzela o.
Eƒe mɔwo to ahom kple ya sẽsewo me,
eye lilikpowoe nye eƒe afɔ ƒe ʋuʋudedi.