Nehemia lé ŋku ɖe Yerusalem ƒe gliawo ŋu
11 Meyi Yerusalem, eye esi menɔ dua me ŋkeke etɔ̃ la, 12 mía kple ŋutsu ʋɛ aɖewo míedo go le zã me. Nyemegblɔ nu si nye Mawu tsɔ de nye dzi me be mawɔ na Yerusalem na ame aɖeke o. Lã siwo wodona la ɖeke menɔ gbɔnye o, negbe esi dom menɔ ko. 13 Le zã me la, míedo go to Balimegbo la me ɖo ta Yakal ƒe Vudo la gbɔ, heyi Aɖukpogbo la gbɔ be míakpɔ gli gbagbãwo kple agbo siwo wotɔ dzoe la ɖa. 14 Emegbe la, míeyi ŋgɔ heva Vudogbo la kple fia ƒe ta la gbɔ, gake teƒea mekeke na lã si dom menɔ la be wòato ayi ŋgɔ o, 15 eya ta meto balime la le zã me henɔ ŋku lém ɖe gli la ŋu. Mlɔeba la, metrɔ gava to Balimegbo la me heva aƒe me.
16 Dua ŋu dzɔlawo menya be medo go de afi siawo o, eye womenya nu si ta mede o, elabena nyemegblɔ nya aɖeke na Yudatɔwo, nunɔlawo, bubumewo kple dɔnunɔlawo tso nye ɖoɖowo ŋu haɖe kura o. Nyemegblɔe na ame siwo le dɔa wɔ ge gɔ̃ hã o.