Pular para o conteúdo
Publicidade

Hosea 3

Hosea dzra eya kple srɔ̃a dome ɖo

1 Yehowa gblɔ nam be, "Yi nàkplɔ srɔ̃agbɔe, eye nàlɔ̃e, togbɔ be ame bubu le elɔ̃m, eye wòwɔ ahasi , elabena Yehowa galɔ̃ Israel kokoko, togbɔ be edzo yi ɖe mawu bubuwo gbɔ, eye wòlɔ̃ waintsetsebolo ."

2 Ale megbugbɔ ƒlee tso eƒe kluvinyenye me kple klosalo wuiatɔ̃ kple lu agba alafa ɖeka blaatɔ̃. 3 Megblɔ be, "Ele be nànɔ gbɔnye ŋkeke geɖe; mègado go kple ŋutsu bubuwo alo awɔ gbolo o, ekema manye tɔwò ɖaa."

4 Le ɣeyiɣi didi siwo gbɔna me la, fia alo amegã manɔ Israel si o, vɔsasa, legba, kɔmewu alo aklamakpakpɛ ŋutɔ ̃ manɔ wo si o! 5 Emegbe la, woatrɔ adi Yehowa, woƒe Mawu la, eye woayi woƒe Fia gbɔ. Woatsɔ dzodzo nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyonyo gbɔ le ŋkeke mamlɛawo me.

Veja também