1 Israel fia Solomo, David ƒe vi ƒe lododowo nye esiawo:
2 na nunya kple amehehe,
na nya goglowo gɔmesese,
3 hena agbe dzɔdzɔe kple agbe ɖevi nɔnɔ,
be woawɔ nu si dzɔ,
nu si le eteƒe kple nu si nyo,
4 be ame gblɔewo nadze aɖaŋu eye woana nunya
kple sidzedze sɔhɛwo,
5 nunyalawo neɖo to,
ne woasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wonya xoxo la ŋu
eye ame siwo si sidzedze le xoxo la naxɔ aɖaŋu,
6 be woase nunyalawo ƒe lododowo
abebubuwo kple adzowo gɔme.
7 Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze,
ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.