Nuxɔxlɔ̃ amewo le nunyagbegbe ŋuti
20 Nunya le ɣli dom le mɔtata dzi
eye wòkɔ gbe dzi le ƒuƒoƒewo.
21 Ele ɣli dom le mɔtata siwo dzi zinyenye
le la ƒe dzogoewo dzi eye wòle eƒe nyawo gblɔm
le dua ƒe agbowo me be,
22 "Va se ɖe ɣe ka ɣi mi gegemewo mialɔ̃ bometsinuwɔwɔ?
Va se ɖe ɣe ka yi fewuɖulawo akpɔ dzidzɔ le fewuɖuɖu ŋu,
bometsilawo alé fu sidzedze?
23 Ne ɖe mietrɔ ɖe nye mokaname ŋu la,
anye ne metrɔ nye dzi kɔ ɖe anyi na mi
eye mena mienya nye susuwo.