Publicidade

Provérbios 23

Nya adrelia

1 Ne ènɔ kplɔ̃ ŋu be yeaɖu nu kple fia la,

ŋku ɖe nu si wotsɔ ɖo akɔwò me la ŋu nyuie

2 eye tsɔ ɖo ve dzi

ne ènye nutsuɖula.

3 Mègadzro eƒe nuɖuɖu kpeɖiwo o

elabena nuɖuɖu ma nye beble.

Nya enyilia

4 Mègaku kutri vivivo,

agbɔdzɔ ɖokuiwò be yeakpɔ hotsui o,

dze nunya nàlé avu ɖokuiwò.

5 Kasia ŋku nabe yeato kesinɔnuwo dzi la,

wo nu va yi xoxo

elabena woato aʋala godoo

eye woadzo adzo ayi ɖe dziƒo ʋĩi abe ̃ ene.

Nya asiekelia

6 Mègaɖu ŋutsu nuvela ƒe nuɖuɖu o,

eye eƒe nuɖuɖu kpeɖiwo megadzro o,

7 elabena enye ame si le ga si wòagblẽ ɖe nua ɖaɖa ŋuti la ŋu bum.

Egblɔ na be,

"Ɖu nu, nàno nu"

gake megblɔe tso eƒe dzi me o.

8 Àdzɔ nu sue si nèɖu la

eye àtsɔ kafukafunya siwo nègblɔ la ada ahee.

Nya ewolia

9 Mègaƒo nu ɖe bometsila ƒe to me o,

elabena ado vlo nunyanyawo.

Nya wuiɖekɛlia

10 Mègaɖe blemaliƒokpewo ɖa

alo age ɖe tsyɔ̃eviwo ƒe agble me o

11 elabena ŋusẽtɔe nye wo ta ʋlila;

eye awɔ avu kpli ɖe wo nu.

Nya wuievelia

12 Tsɔ dzi ku ɖe nufiame ŋu

eye towo natrɔ ɖe gɔmesese ŋu.

Nya wuietɔ̃lia

13 Mègagbe tohehe na ɖevi o,

ne èƒoe kple ati la, mele kuku ge o.

14 Tsɔ ameƒoti he to

eye àɖe eƒe luʋɔ tso ku me.

Nya wuienelia

15 Vinye, ne dzi dze nunya la,

ekema nye nye dzi akpɔ dzidzɔ

16 eye nye ememe ke atso aseye ne

nuyiwo gblɔ nu si le dzɔdzɔe.

Nya wuiatɔ̃lia

17 Mègana dzi naʋã ŋu nu ̃ wɔlawo o,

ke boŋ tsɔ dzo ɖe Yehowavɔvɔ̃ ŋu.

18 Vavã, mɔkpɔkpɔ le asiwò hena etsɔ si gbɔna

eye mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.

Nya wuiadelia

19 Vinye, ɖo tom ne nàdze nunya

eye na dzi nanɔ dzɔdzɔetɔ dzi.

20 Mègade ha kple ame siwo nye waintsunolawo

alo geɖe ɖulawo o.

21 Elabena ahatsunolawo kple nutsuɖulawo la,

ahee wodana eye alɔ̃ tsu dɔdɔ nana wonɔa awu vuvuwo me.

Nya wuiadrelia

22 Ɖo to fofowò, ame si dzi

eye mègado vlo dawò ne eku nyagã o.

23 Ƒle nyateƒe la eye mègadzrae o;

ƒle nunya, amehehe kple gɔmesese.

24 Ame dzɔdzɔe fofo atso aseye geɖe

eye ame si si vi nyanu le la akpɔ dzidzɔ le eŋu.

25 Dawò kple fofowò nekpɔ dzidzɔ

eye nyɔnu si dzi la netso aseye!

Nya wuienyilia

26 Vinye, tsɔ dzi nam

eye ŋkuwo nenɔ nye mɔwo ŋu

27 elabena gbolo la, ʋe globoe wònye

eye srɔ̃nyɔnu ahasitɔ la,

vudo xaxɛ wònye.

28 Ede xa ɖi abe adzodala ene

eye wòdzia ŋutsu ahasitɔwo ƒe xexlẽme ɖe edzi.

Nya wuiasiekelia

29 Ame kae le hũu ɖem?

Ame kae le veve sem?

Ame kae le nu xam?

Ame kae le eƒe nuteɖeamedziwo gblɔm?

Ame kae abi yakatsyɔ?

Ame ka ƒe ŋkue biã abe ʋu ene?

30 Ame siwo tsia wainze te la tɔe,

ame siwo yina ɖaɖɔa wain si wotɔtɔ kpɔ la tɔe.

31 Mègaɖɔ wain kpɔ ne ebiã dzẽe,

ne ele fu tsɔm le kplu me,

ne eto vetome heɖiɖi ɖe me o!

32 Le nuwuwu la,

eɖua ame abe da ene

eye wònyɔa aɖi abe ƒli ene.

33 ŋkuwo akpɔ nu tutɔ manyatalenuwo

eye susu anɔ nu baɖabaɖawo susum.

34 Ànɔ abe ame si mlɔ atsiaƒu gbana dzi

alo ame si mlɔ abala dzi ene.

35 Àgblɔ be,

"Woxlã nu ɖem gake nyemexɔ abi o!

Woƒom gake mevem o!

Ɣe ka ɣi ̃ manyɔ ne magadi ahayomemɔ?"

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-