10 Ame ka akpɔ srɔ̃nyɔnu si ƒe agbe dze ame ŋu?
Exɔ asi wu adzagba.
11 Srɔ̃a kana ɖe edzi blibo
eye nu sia nu si ŋu asixɔxɔ le la mevena le egbɔ o.
12 Le nyɔnu sia ƒe agbemeŋkekewo katã me la,
ehea nyui ko vɛ, ke menye vɔ̃ o.
13 Edia ɖetifu kple avemeka
eye wòwɔa dɔ kple eƒe asiwo faa.
14 Ele abe asiʋu ene
eye wòhea nuɖuɖu tso didiƒe vaa aƒee.
15 Efɔna ne ŋu mekpɔ ke o,
edia nuɖuɖu na eƒe ƒometɔwo eye wòmaa dɔ na eƒe dɔlanyɔnuwo.
16 Ebua ta me le agble ŋu eye wòƒlenɛ,
eɖena tso eƒe nukpɔkpɔwo me tsɔna dea waingblee.
17 Ewɔa dɔ kple ŋkubiã
eye eƒe alɔwo sẽna ɖe eƒe dɔwo ŋu.
18 Ekpɔa egbɔ be yeƒe asitsatsa ɖe vi geɖe
eye yeƒe akaɖi metsina le zã me o.
19 Ɖetifutreti le eƒe asi me
eye wòtsɔa eƒe asibidɛwo léa ɖetitrekekee.
20 Eʋua asi na ame dahewo
eye wòdoa asi ɖe hiãtɔwo gbɔ.