3 elabena nyɔnu ahasitɔ ƒe nuyiwo le anyitsi tsyɔm,
eye eƒe numenyawo zrɔ̃ wu ami
4 gake le nuwuwu la evena wu veve
eye wòɖana wu yi nuevee.
5 Eƒe afɔ yina ɖe tsĩeƒe ke
eye eƒe afɔɖeɖewo yina ɖe yɔdo me tẽe
6 Mebua ta me le ale si wòanɔ agbee ŋu kura o,
eƒe toƒewo glɔ̃ gake menyae o
7 eya ta azɔ la, vinyewo, miɖo tom,
migaƒo asa na nu si megblɔ na mi o.
8 Miaƒe toƒewo nete ɖa xaa tso egbɔ,
migagogo eƒe aƒe ƒe agbonu o,
9 ne menye nenema o la,
miava gblẽ miaƒe ɖekakpuime
ƒe ŋusẽ ɖe ame bubuwo ŋu
kple miaƒe ƒewo ɖe ame vɔ̃ɖi ŋu.