Pular para o conteúdo
Publicidade

Romanos 10

12 Elabena Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa le go sia me; Aƒetɔ ɖeka ma koe le wo katã si, eye wònaa eƒe kesinɔnuwo ame sia ame si bianɛ la faa, 13 elabena, "Ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la akpɔ ɖeɖe."

14 Azɔ aleke woayɔ ame si dzi womexɔ se o la mahã? Eye aleke woate ŋu axɔ edzi ase ne womese nu tso eŋu kpɔ o? Eye aleke woawɔ ase nya tso eŋu ne ame aɖeke megblɔe na wo o? 15 Eye aleke ame aɖe aɖe gbeƒã tso Kristo ŋu ne womedɔe o? Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, "Ame siwo ɖea gbeƒã nyanyui la ƒe afɔwo nya kpɔna loo!"

16 Gake menye Israeltɔwo katãe nyanyui la dzi se o, elabena Yesaya gblɔ be, "Aƒetɔ, ame kae míaƒe nyawo dzi se mahã?" 17 Ke xɔse vana na ame to nyanyui la sese me, eye nyanyui la tsoa Mawu ƒe nya me vana.

Veja também