Pular para o conteúdo
Publicidade

Romatɔwo 13

Toɖoɖo dziɖuɖu

1 Miɖo to dziɖuɖu la, elabena Mawue nye ame si ɖo dziɖuɖu la anyi. Dziɖuɖu aɖeke mele afi aɖeke si Mawu ŋutɔ metsɔ ŋusẽ na o. 2 Eya ta ame sia ame si gbe dukɔa ƒe sewo dzi wɔwɔ la gbe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ, eye tohehe adze nu sia yome. 3 Elabena kpovitɔ medoa ŋɔdzi na ame siwo le nu nyui wɔm la o, ke ame siwo le nu ̃ wɔm la, woavɔ̃ kpovitɔ ɣe sia ɣi. Eya ta ne mèdi be yeanɔ vɔvɔ̃m o la, seawo dzi kpoo, ekema eme anyo na . 4 Mawu ƒe subɔlae nye kpovitɔ la ɖa ɖe nyonyo ta. Ke ne èle nu ̃ aɖe wɔm la, eme ƒãa be ànɔ vɔvɔ̃m, elabena kpovitɔ la ana woahe to na nu gbegblẽ wɔla la. 5 Eya ta miwɔ seawo dzi le nu eve siawo ta: gbã, be miagaxɔ tohehe o; evelia, elabena mienya xoxo tso miaƒe dzi me be ele be yewoawɔ seawo dzi.

6 Midzɔ miaƒe dugawo le nu eve siawo ke ta, elabena ele be woaxe fe na dziɖuɖudɔwɔlawo, ale be woate ŋu anɔ Mawu ƒe la wɔm, anɔ kpekpem ɖe mia ŋu. 7 Mixe fe na ame sia ame abe ale si wòdzee ene. Mixe miaƒe dugawo kple adzɔwo dzidzɔtɔe. Miɖo to miaƒe tatɔwo, eye mitsɔ bubu na ame sia ame si dze bubu la.

Veja também