Agbenɔnɔ le Gbɔgbɔ la me
1 Eya ta azɔ la, fɔbubu aɖeke megali na ame siwo le Kristo Yesu me la o, 2 elabena to Yesu Kristo me la, Gbɔgbɔ si naa agbe la ɖem tso nu vɔ̃ kple ku ƒe se la si me. 3 Elabena nu si se la mete ŋu wɔ o esi wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe to Via si wòɖo ɖa le nu vɔ̃ ŋutilã ƒe nɔnɔme me la dzi, eye wòtsɔ eɖokui sa vɔe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye wòbu fɔ nu vɔ̃ le ŋutilã me, 4 be woawu se la ƒe dzɔdzɔenyenye nu le mí ame siwo mezɔna ɖe ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu ko la me.