11 Ke Naomi gblɔ na wo be, "Vinyenyɔnuwo, mitrɔ dzo. Nu ka ta miayi kplim ɖo? Ɖe mate ŋu adzi viŋutsuwo na mi miaɖea? 12 Vinyenyɔnuwo, mitrɔ yi miaƒe aƒe me. Ne mesusu be mɔkpɔkpɔ gale asinye, eye meɖe srɔ̃ zã sia me, eye medzi viŋutsuwo hã la, 13 ɖe mialala va se ɖe esime woatsia? Ɖe mianɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee va se ɖe ɣe ma ɣia? Ao, vinyenyɔnuwo, ele veyem na mi wu miawo ŋutɔ gɔ̃ hã, elabena Yehowa do asi ɖe gbɔnye!"