3 Elimelek, Naomi srɔ̃ ku, eye wòsusɔ Naomi kple via ŋutsu eveawo. 4 Viŋutsu eve siawo ɖe Moab nyɔnuwo; ɖeka ŋkɔe nye Orpa, eye evelia ŋkɔe nye Rut. Esi wonɔ afi ma abe ƒe ewo ene la, 5 Maxlon kple Kilion hã ku, ale wòsusɔ wo dada Naomi ko; srɔ̃ kple vi aɖeke meganɔ esi o.