Adoração
A adoração é a resposta do coração humano à majestade de Deus. Deus é Espírito e importa que os que o adoram o adorem em espírito e em verdade — com todo o ser.
Adorar em espírito
Deus é Espírito e importa que os adoradores o adorem em espírito e em verdade. A adoração verdadeira brota do coração.
Mawu nye Gbɔgbɔ, eye ame siwo le esubɔm la, ele be woasubɔe le gbɔgbɔ kple nyateƒe me."
Gake ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye wòde azɔ be nyateƒe subɔsubɔwɔlawo woasubɔ Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena Fofo la dia subɔla siawo tɔgbi. Mawu nye Gbɔgbɔ, eye ame siwo le esubɔm la, ele be woasubɔe le gbɔgbɔ kple nyateƒe me."
Yesu gblɔ nɛ be, "Nyɔnu, xɔ dzinye se be ɣeyiɣi aɖe gbɔna, esi womagasubɔ Fofo la le to sia dzi alo le Yerusalem o. Mi Samariatɔwo la, miesubɔa nu si mienya o, ke míawo la, míesubɔa nu si míenya, elabena xɔxɔ la tso Yudatɔwo gbɔ. Gake ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye wòde azɔ be nyateƒe subɔsubɔwɔlawo woasubɔ Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena Fofo la dia subɔla siawo tɔgbi.
Ŋutsu la gblɔ be, "Aƒetɔ, mexɔe se," eye wòsubɔe.
Yesu blu ɖe Satan ta be, "Satana, te ɖa le gbɔnye! Mèse mawunya gblɔ be, ‘Aƒetɔ wò Mawu la ko nàsubɔ, eya ko wòle be nàɖo toe oa?’ "
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Abe ale si woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea mee ene la, Mawu ɖeka hɔ̃ɔ ko wòle be míasubɔ."
Vɔsa gbagbewo
Eya ta nɔvinyewo, le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, mele ŋusẽ dom mi be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsa gbagbe si le kɔkɔe, eye wòdzea Mawu ŋu, wòanye miaƒe subɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.
Vɔsa gbagbewo
Eya ta nɔvinyewo, le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, mele ŋusẽ dom mi be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsa gbagbe si le kɔkɔe, eye wòdzea Mawu ŋu, wòanye miaƒe subɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ. Migazɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o, ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me, ekema miate ŋu anya, eye miakpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu; eƒe lɔlɔ̃nu si nyo, eye wòdze hede blibo la.
Elabena Mawu gbɔ ko nu sia nu tsona.
Nu sia nu le agbe le eya ko ƒe ŋusẽ ta,
eye nu sia nu li na eƒe ŋutikɔkɔe.
Ŋutikɔkɔe nanye etɔ tegbee! Amen.
Elabena woŋlɔe ɖi be,
"Yehowa be, ‘Zi ale si mele agbe la,
ame sia ame adze klo nam,
eye aɖe sia aɖe aʋu nya me na Mawu.’ "
Louvor e reverência
Vinde, adoremos e prostremo-nos. Louvai ao Senhor! Todo ser que respira louve o nome glorioso do Senhor.
Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu nɛ,
eye mina míadze klo ɖe
Yehowa, mía Wɔla la ƒe ŋkume.
Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu nɛ,
eye mina míadze klo ɖe
Yehowa, mía Wɔla la ƒe ŋkume.
Miakafu Yehowa.
Mikafu Mawu le eƒe Kɔkɔeƒe la me.
Mikafui le eƒe dziƒo sesẽ la me.
Mikafui le eƒe ŋusẽdɔwo ta.
Mikafui le eƒe gãnyenye si ƒo wo katã ta la ta.
Mitsɔ kpẽkuku kafui.
Mitsɔ saŋku kple kasaŋku kafui.
Mikafui kple asiʋui kple ɣeɖuɖu.
Mikafui kple kasaŋkuƒoƒo kple dzekuku.
Mikafui kple ayawagba eve
siwo wotsɔna nɔa wo nɔewo ƒomii.
Ɛ̃, mikafui kple ayawagba eve
siwo ƒe gbe ɖina sesĩe.
Nu sia nu si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa.
Mikafu Yehowa!
Nu sia nu si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa.
Mikafu Yehowa!
Mige ɖe eƒe agbowo me kple akpedada,
eƒe xɔxɔnuwo kple kafukafu;
mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe eŋkɔ.
Mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze Yehowa ƒe ŋkɔ nɛ;
misubɔ Yehowa le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atsyɔ̃ me.
Mi anyigbawo katã mido ɣli,
mitso aseye ɖe Mawu ŋu!
Midzi eƒe ŋkɔ ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ha;
mikafu Mawu ƒe gãnyenye!
Migblɔ na Mawu be,
"Wò dɔwɔwɔwo dziŋɔ loo!
Wò ŋusẽ tri akɔ ale gbegbe be,
wò futɔwo de ta agu na wò.
Anyigba la katã de ta agu na wò,
wole kafukafuha dzim na wò,
wole kafukafuha dzim na wò ŋkɔ." Sela
Metsɔ nye nu do ɣli nɛ,
eƒe kafukafu le nye aɖe dzi.
O! Aƒetɔ, dukɔ siwo katã nèwɔ la ava asubɔ
le ŋkuwò me, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ.
Elabena èlolo, eye nèwɔ nu dzɔatsuwo;
wò koe nye Mawu.
O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa;
nu siwo katã le menye la,
mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.
Mida akpe na Yehowa,
miyɔ eƒe ŋkɔ, eye miɖe gbeƒã nu
siwo wòwɔ la le dukɔwo dome.
O! Mawu, wòe nye nye Mawu,
mele diwòm vevie;
tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe ŋuwò,
nye ameti blibo la mele diwòm,
le kuɖiɖinyigba si ƒu kplakplakpla,
eye tsi aɖeke meli o la dzi.
Esi wò lɔlɔ̃ nyo wu agbe ta la,
nye nuyiwo ado wò ɖe dzi.
Makafu wò, zi ale si mele agbe,
eye mado nye asiwo ɖe dzi le wò ŋkɔ me.
Declarações de adoração
Tu és digno, Senhor, de receber glória e honra! Ao Senhor pertence a grandeza, o poder, a glória e a majestade.
"Míaƒe Aƒetɔ kple Mawu,
wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ,
elabena wòe wɔ nuwo katã;
wò lɔlɔ̃nue nètsɔ wɔ woe,
eye wò lɔlɔ̃nue na be wole agbe."
Egblɔ kple gbe gã aɖe be, "Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gaƒoƒo la va ɖo. Misubɔ eya ame si wɔ dziƒowo, anyigba, atsiaƒu kple tsi dzidziwo."
O Aƒetɔ, ame kae mavɔ̃ wò,
eye wòatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ o?
Elabena wò koe le kɔkɔe.
Dukɔwo katã ava,
eye woasubɔ wò,
elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo fia."
Nye, Yohanes, nyee nye ame si se nu siawo katã, eye mekpɔ wo. Eye esi mese, hekpɔ nu siawo la, medze klo ɖe mawudɔla si ɖe nu siawo katã fiam la ƒe afɔ nu be masubɔe. Ke egblɔ nam be, "Mègawɔe o! Nye hã dɔla ko menye abe wò ke ene, kpe ɖe nɔviwò nyagblɔɖilawo kple ame siwo katã lé agbalẽ sia me nyawo me ɖe asi la ŋu; subɔ Mawu ko!"
Tɔwòe nye ŋusẽ, ŋutikɔkɔe,
dziɖuɖu kple gãnyenye.
Oo, Yehowa, tɔwòe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi,
míekafu wò be nu sia nu le wò dzikpɔkpɔ te.
Mida akpe na Yehowa elabena eƒe dɔme nyo
Eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
Mido ɣli be, "Oo Mawu, mia Ɖela, ɖe mí,
Ƒo mía nu ƒu eye nàɖe mí tso dukɔwo ƒe asi me.
Be míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la,
Be míadzɔ dzi le wò kafukafu me."
Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la
Tso mavɔ me yi mavɔ me.
Tete ameawo katã xɔ ɖe edzi be, "Amen, mikafu Yehowa."
Mida akpe na Yehowa elabena eƒe dɔme nyo
Eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ,
Miɖe gbeƒã eƒe nukunuwɔwɔwo;
Eya ta Mawu doe ɖe dzi yi ɖase teƒe kɔkɔtɔ kekeake,
eye wòtsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔwo katã ta la nɛ.
Be le Yesu ƒe ŋkɔ me, ame sia ame,
adze klo nɛ le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te,
eye aɖe sia aɖe aʋu eme be Yesu Kristoe nye Aƒetɔ,
hena Mawu Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe.
Sacrifício de louvor
Por meio de Jesus ofereçamos sempre sacrifício de louvor. Cantai ao Senhor, celebrai em salmos — enchei-vos do Espírito.
Eya ta mina míatsɔ kafukafuvɔsa na Mawu ɣe sia ɣi to Yesu dzi, kafukafu siwo nye kutsetse tso nuyi siwo ʋua Yesu ƒe ŋkɔ me la me.
Eya ta esi míele mɔ kpɔm na fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o la xɔxɔ la, mina míada akpe ɖe eta, eye míasubɔ Mawu le mɔ si adze la dzi le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me, elabena dzo si fiaa nu lae nye míaƒe Mawu la.
Mitsɔ Psalmowo kple kafukafuhawo ƒo nu na mia nɔewo. Midzi kafukafuhawo na Aƒetɔ la le miaƒe dziwo me.
Mina be Kristo ƒe nya la natso aƒe ɖe mia me le agbɔsɔsɔ me, esi miele nu fiam, le nu xlɔ̃m mia nɔewo kple Mawu me nunya. Midzi Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo kple akpedada le miaƒe dziwo me na Mawu.
Le zã bliboa me la, Paulo kple Silas wonɔ gbe dom ɖa, nɔ ha dzim, nɔ Mawu kafum. Gaxɔmenɔla bubuawo hã nɔ woƒe hawo sem.
Woakafu Mawu, ame si nye míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, nublanuikpɔkpɔ Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu la, ame si fa akɔ na mí le míaƒe xaxawo katã me, ale be míawo hã míate ŋu afa akɔ na ame siwo le xaxa me kple akɔfafa si míawo ŋutɔ míexɔ tso Mawu gbɔ.
Míeɖea gbeƒã nu si míekpɔ kple nu si míese la na mi be miawo hã miado ƒome kpli mí, eye míaƒe ƒomedodo sia li kple Fofo la kple Via Yesu Kristo.
Adoração como vida
Exaltai ao Senhor, prostrai-vos ante o escabelo dos seus pés. A adoração genuína transforma o adorador e agrada o Criador.
Mido Yehowa, míaƒe Mawu la
ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe afɔ nu,
elabena eya amea le kɔkɔe.
Wò kafukafu yɔ nye nu me,
eye meɖea gbeƒã wò atsyɔ̃ŋkeke blibo la.
Midzi ha na Mawu,
midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ,
mido ame si le lilikpowo dzi gbɔna la ɖe dzi,
eŋkɔe nye Yehowa, eye mitso aseye le eŋgɔ;
eya ame si nye tɔ na tɔmanɔsitɔwo,
ahosiwo ta ʋlila, eye wònye Mawu si le enɔƒe kɔkɔe la.
Mada akpe na Yehowa le eƒe dzɔdzɔenyenye ta,
eye madzi kafukafuha na Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋkɔ.
Maɖe gbeƒã wò ŋkɔ na nɔvinyewo,
eye le amehawo dome, makafu wò.
Mi ame siwo vɔ̃a Yehowa, mikafui!
Mi, Yakob ƒe dzidzimeviwo, mide bubu eŋuti!
Misroe ɖa, mi Israel ƒe dzidzimeviwo!
Mekeke nye abɔwo me na wò,
eye nye luʋɔ ƒe ve me ƒu ɖe ŋuwò
abe kuɖiɖinyigba ene. Sela
O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo?
Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo?
Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi,
elabena magakafui,
eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.
Megblɔ na Yehowa be,
"Wòe nye nye Aƒetɔ;
nu nyui aɖeke mele asinye kpe ɖe ŋuwò o."
Mitsɔ ɖokuibɔbɔ kple bubu subɔ Yehowa le dzidzɔ gã me
kple dzodzo nyanyanya.
Dzi adzɔm, eye matso aseye le mewò;
O Dziƒoʋĩtɔ, madzi kafukafuhawo na wò ŋkɔ.
Falsa adoração
Não terás outros deuses diante de mim. Não adorarás ídolos. A adoração exclusiva ao Senhor é mandamento inegociável.
Mègade ta agu na wo alo asubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ame siwo léa fum la ƒe viwo va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi,
elabena mele be miasubɔ mawu bubu aɖeke o, ke boŋ Yehowa ko, elabena Yehowa nye Mawu si dina be woasubɔ ye ɖeka ko.
Ne ege ɖe agbadɔ la me la, lilikpo dodo aɖe ɖiɖina va nɔa agbadɔ la nu le esime Mawu ƒoa nu kple Mose. Ekema ameawo katã doa gbe ɖa eye wodea ta agu na lilikpo la le woƒe agbadɔwo nu.
"Yehowae nye nye ŋusẽ kple xɔnametɔ,
eya gbɔ ɖeɖe tso va nam.
Eyae nye nye Mawu, eya ta makafui.
Eyae nye fofonye ƒe Mawu,
eya ta madoe ɖe dzi.
"O, Yehowa, ame kae le abe wò ene
le mawuwo dome?
Ame kae le abe wò ene
le kɔkɔenyenye kɔkɔtɔ me,
le ŋutikɔkɔe ƒe ŋɔdzi me,
eye wòwɔa nukudɔwo?
"Subɔ Yehowa, wò Mawu la ɖeɖe ko, ekema mayra wò kple nuɖuɖu kple tsi, eye maɖe dɔléle ɖa le mia dome.
Eyae nye wò kafukafu, eye wòganye wò Mawu, ame si wɔ nukunu gã siwo teƒe miawo ŋutɔ miekpɔ.
Afi mae miawo kple miaƒe ƒometɔwo miaɖo kplɔ̃ ɖo le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye le nu siwo katã wòwɔ na mi la ta.
Edo dɔmedzoe ŋutɔ ɖe woƒe dzromawuwo subɔsubɔ ta;
eʋã ŋu ɖe eƒe dukɔ ta.
Israel sa vɔ na trɔ̃wo, siwo menye Mawu o
mawu siwo womesubɔ kpɔ o,
mawu siwo meli tsã o
mawu siwo medzi ŋɔ na mia fofowo o.
Eɖe kɔ ɖa le Agakpe si wɔe la ŋu
ŋlɔ be be Mawue wɔ ye.
"Ke mikpɔ nyuie be miaƒe dzi nagatrɔ le Yehowa yome be miasubɔ mawu bubuwo o.
Ale Aƒetɔ la gblɔ nye esi,
"Ame siawo te va gbɔnye kple woƒe nu,
eye wotsɔ woƒe nyawo de bubu ŋunye,
ke woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye.
Subɔsubɔ si wotsɔna nam la nye amegbetɔwo
ƒe nuɖoɖo siwo wofia wo,
Kafu Yehowa
O! Yehowa, wòe nye nye Mawu.
Mado wò ŋkɔ ɖe dzi, eye makafu wò,
elabena wò nuteƒewɔwɔ de blibo.
Èwɔ nu dzɔtsuwo,
nu siwo nèɖo ɖi tso blema ke.
Wɔna sia na be Mawu hã ɖe asi le wo ŋu, eye wosubɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo abe ale si woŋlɔ ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene.
" ‘Israeltɔwo, nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo sa vɔ na
esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ mahã?
Kpao, menye nyee miesa vɔ na o,
ke boŋ miaƒe susuwo katã nɔ Molek ƒe agbadɔ kple mawu Refan ƒe ɣletivinɔnɔme,
siwo nye legba miewɔ be miasubɔ la ŋu.
Le esia ta la, maɖo mi ɖe aboyo me,
ayi keke Babilonia godo ke.’
Migana ame aɖeke nable mi be esi miegbe be yewomasubɔ mawudɔlawo abe ale si wogblɔ na mi ene o ta la, miele tsɔtsrɔ̃ ge o. Wogblɔna be yewokpɔ ŋutega, eye yewonya be ele be miasubɔ mawudɔlawo. Ame siawo nye dadalawo togbɔ be wogblɔna be yewonye ɖokuibɔbɔɖeanyilawo hã. Susu wɔnuku le wo si. Ke womeku ɖe Kristo si nye ta si ŋu mi ame siwo katã nye eƒe ŋutilã la ku ɖo la ŋu o, elabena eƒe lãmeka sesẽwo Mawu tsɔ bla mí ɖekae, eye míetea ŋu tsina, elabena míexɔa nunyiame kple ŋusẽ tso eya ɖeka ko gbɔ.
Migana woatɔtɔ miaƒe susuwo, eye woable mi o; migaxɔ nu sia nu si wogblɔ la dzi se o, elabena ŋkeke ma mava o, va se ɖe esime aglãdzedze ava eye woaɖe ame sedzimawɔla la ɖe go, ame si woɖo ɖi na tsɔtsrɔ̃. Atsi tsitre ɖe mawu bubuwo ŋu, eye ayi aɖagbã nu siwo katã amewo subɔna la kple afi si wosubɔa wo le la gudugudu. Ayi aɖanɔ Mawu ƒe gbedoxɔ me abe Mawu ene, eye wòable amewo be yee nye Mawu.
Exemplos de adoração
Jó adorou em meio ao sofrimento. Esdras adorou na restauração. Paulo e Silas adoraram na prisão — e Deus respondeu.
Esi Hiob se esia la, etso hedze eƒe awu ʋlaya eye wòlũ eƒe taɖa. Edze klo de ta agu, hedo gbe ɖa be,
"Amamae menɔ hafi do go tso danye ƒe dɔ me,
eye amamae manɔ hafi atrɔ adzo.
Yehowae na eye Yehowae gaxɔe;
woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ!"
Wotsɔ kafukafu kple akpedada dzi ha na Yehowa be,
"Eƒe dɔ me nyo,
eye eƒe lɔlɔ̃ na Israel li ɖaa."
Tete amehawo katã do kafukafuɣli na Yehowa sesĩe elabena woɖo Yehowa ƒe aƒe la ƒe gɔmeɖokpeawo vɔ.
Ke azɔ la, nye Nebukadnezar, mekafu Dziƒo fia la, medoe ɖe dzi eye mede bubu eŋu elabena nu sia nu si wòwɔna la nɔa dzɔdzɔe eye eƒe mɔwo katã le eteƒe. Ame siwo zɔna dadatɔe la, etea ŋu bɔbɔa wo ɖe anyi.
"Oo Aƒetɔ Yehowa, èlolo loo! Ame aɖeke mele abe wò ene o eye mawu bubu aɖeke meli o, negbe wò, Mawu ko, abe ale si míesee kple míaƒe towo ene.
"Ame aɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o!
Bubu aɖeke megali o kpe ɖe ŋutiwò o.
Eye Agakpe aɖeke meli abe míaƒe Mawu ene o.
Levitɔwo ƒe kplɔlawo gblɔ na ameawo be, "Mitsi tsitre miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la, elabena eli tso mavɔ me yi mavɔ me. Mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la! Elolo sãa wu nu si míate ŋu abu kple ale si míate ŋu agblɔ!" Kplɔla siawoe nye Yesua, Kadmiel, Bani, Hasabneia, Serebia, Hodia, Sebania kple Petahia.
Togbɔ be gboti meƒo se o
eye wain metse ɖe wainkawo ŋu o,
togbɔ be amiti metse o eye nuɖuɖu mele agble dzi o,
togbɔ be alẽwo vɔ le alẽkpo me,
eye nyiwo vɔ le nyikpo me hã la,
nye la, makpɔ dzidzɔ le Yehowa me
eye madzɔ dzi le Mawu, nye Ɖela, me.
Ekema miayɔm eye matɔ na mi, miado gbe ɖa nam eye maɖo to mi.
Mite ɖe Mawu ŋu kpokploe, eye eya hã atsɔ ɖe mia gbɔ. Mi, nu vɔ̃ wɔlawo, miklɔ miaƒe asiwo, eye mi ame siwo nye dzi eve me susulawo la, miklɔ miaƒe dziwo me.