Pular para o conteúdo
Publicidade

Salmos 99

1 Yehowa le fia ɖum, dukɔwo nedzo nyanyanya,

enɔ eƒe fiazikpui dzi gli le kerubiwo dome,

anyigba neʋuʋu.

2 Yehowa nye le Zion,

ekɔ gbɔ dukɔwo katã ta.

3 Wonekafu ŋkɔ ,

dziŋɔ la, eya amea le kɔkɔe.

4 Fia la nye ŋusẽtɔ,

elɔ̃a afia nyui tsotso,

la, èɖo dzɔdzɔenyenye anyi,

eye nèwɔ nu si le dzɔdzɔe le Yakob me.

5 Mido Yehowa, míaƒe Mawu la

ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe afɔ nu,

elabena eya amea le kɔkɔe.

6 Mose kple Aron le eƒe nunɔlawo dome;

Samuel le ame siwo eƒe ŋkɔ la dome;

woyɔ Yehowa ŋkɔ, eye wòtɔ na wo.

7 Eƒo nu na wo tso lilikpo dodo me,

eye wolé se kple ɖoɖo siwo wòtsɔ na wo la me ɖe asi.

8 O! Yehowa, míaƒe Mawu, wòe na wo;

togbɔ be èhe to na wo

le woƒe nu tovowo ta la,

ènye tsɔtsɔke ƒe Mawu na Israel.

9 Mido Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe dzi,

eye misubɔe le eƒe to kɔkɔe la dzi,

elabena Yehowa, míaƒe Mawu la le kɔkɔe.

Veja também