Publicidade

Êxodo 23

Se le dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ ŋu

1 "Mègakaka aʋatsonyawo o, eye mègaɖu aʋatsoɖasefo na ame ̃ɖi o.

2 "Mègadze amehawo yome le nu ̃ wɔwɔ me o, eye ne woyɔ ɖasefoe le nya aɖe me la, mègatrɔ nyateƒe la ƒe ta tu be ne yeadze amehawo ŋu o, 3 eye mègaɖe ami ɖe nya la be ne ɖaseɖiɖi la nade ame aɖe dzi le eƒe amedahenyenye ta o.

4 "Ne èkpɔ futɔ aɖe ƒe nyi alo tedzi si tra la, ele be nàkplɔe ayi na nutɔ. 5 Ne agba te wo futɔ ƒe tedzi ɖe to, eye nèkpɔ futɔ wòle agbagba dzem be yeado alɔ tedzi la wòatsi tsitre la, mele be nàtso eme adzo o, ke boŋ ele be nàkpe ɖe eŋu.

6 "Mègana ame aɖeke ƒe ahedada nana nàtrɔ eƒe nya dzɔdzɔe wòazu nya gbegblẽ o.

7 "Mègada alakpa ɖe ame aɖeke si be ewɔ ̃ o. Mègana woawu ame maɖifɔ gbeɖe o. Nyemalɔ̃ ɖe nuwɔna ̃ɖi sia dzi o.

8 "Mègaxɔ zãnu o, elabena zãnuxɔxɔ nana be màdze si nu si le dzedzem gãa o. Zãnuxɔxɔ gblẽa nu le ame si ƒe nya dzɔ la ŋuti.

9 "Mègate amedzrowo ɖe to o, ŋutɔ ènya nu si amedzronyenye nye. Ɖo ŋku nuteƒekpɔkpɔwo le Egipte dzi.

Se le Sabat ŋu

10 "Miƒã nu, eye miaŋe nu ƒe ade, 11 ke migblẽ anyigba la ɖi wòadzudzɔ le ƒe adrelia me. Mina ame dahe siwo le mia dome la naxa nuku siwo mieɖe le miaƒe agble dzi le wo ɖokuiwo si, eye migblẽ nuku siwo susɔ la ɖi na lãwo woaɖu. Se sia ke ku ɖe miaƒe waingblewo kple amitivewo ŋu.

12 "Miwɔ ŋkeke ade ko, eye miadzudzɔ le ŋkeke adrelia dzi. Miwɔ alea ale be miana dzudzɔ miaƒe nyiwo kple tedziwo kple miaƒe aƒemetɔwo, kluviwo kple amedzrowo siaa.

13 "Mikpɔ egbɔ be miewɔ se siawo katã dzi. Miɖo ŋku edzi, migayɔ mawu bubu aɖeke ƒe ŋkɔ le gbedodoɖa alo atamkaka me o."

Ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui etɔ̃awo

14 "Mawusubɔsubɔ ƒe ŋkekenyui etɔ̃e li wòle be miaɖu ƒe sia ƒe.

15 "Gbãtɔe nye Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui. Migaɖu abolo si wowɔ kple amɔ ʋaʋã o ŋkeke adre abe ale si mede se na mi kpɔ ene. Ŋkekenyui sia ɖuɖu anɔ edzi ƒe sia ƒe le Tedoxe si nye ɣleti si me miedzo le Egipte.

"Ame sia ame asa nam le ɣeyiɣi sia me.

16 "Eveliae nye Nuŋeŋeŋkekenyui. Ele be miatsɔ miaƒe agblemenuku gbãtɔwo nam.

"Etɔ̃liae nye Ƒuƒoƒo Nukuwo ƒe Ŋkekenyui si miaɖu le nuŋeɣi ƒe nuwuwu.

17 "Le ŋkekenyui etɔ̃ siawo katã ɖuɣiwo, le ƒe sia ƒe me la, ele be Israel ŋutsu ɖe sia ɖe nado ɖe Yehowa ŋkume.

18 "Megakpe nye vɔsalãwo ƒe ʋu ɖe abolo si woƒo kple amɔ ʋaʋã la ŋu o.

"Megana vɔsalã aɖeke ƒe ami natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o.

19 "Ne èxa agblemenukuwo la, ele be nàtsɔ ŋkeke gbãtɔ ƒe nuku nyuitɔwo ƒe ɖe va Yehowa, Mawu ƒe aƒe me.

"Mègaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.

Mawudɔla la nadzra mɔa dzi ɖo

20 "Kpɔ ɖa, mele Mawudɔla aɖe dɔm ɖe ŋgɔwò be wòakplɔ dedie ayi anyigba si medzra ɖo ɖi na la dzi. 21 ̃e, eye nàwɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi. Mègadze aglã ɖe eŋu o, elabena matsɔ nu ̃wo ake o. Eyae nye nye teƒenɔla, eye nye ŋkɔ le eŋu. 22 Ke ne èɖɔ ŋu ɖo, ɖo toe, eye nèwɔ nye Sewo katã dzi la, ekema manye futɔ na futɔwo, 23 elabena nye Dɔla adze ŋgɔ na , akplɔ ayi Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Kanaantɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi be mianɔ afi ma. Matsrɔ̃ dukɔ siawo ɖa le ŋgɔwò.

24 "Mègasubɔ dukɔ bubu siawo ƒe mawu alo asa na wo le aɖeke nu o, eye mègadze trɔ̃subɔdukɔ siawo ƒe kpɔɖeŋu ̃ɖiwo yome o. Ele na be nàɖu wo dzi, eye nàgbã woƒe legbawo.

25 "Subɔ Yehowa, Mawu la ɖeɖe ko, ekema mayra kple nuɖuɖu kple tsi, eye maɖe dɔléle ɖa le mia dome. 26 Fu mage le nyɔnuwo ƒo o, kotsitsi manɔ anyigba blibo la dzi o, eye ànɔ agbe ŋkeke ale si meɖo na .

27 "Mana vɔvɔ̃ si le ŋunye la nalé dukɔ siwo katã ƒe anyigba ŋu miaho aʋa ɖo, woasi le mia ŋgɔ. 28 Maɖo nudzodzoe teamewo ɖa woanya Hivitɔwo, Kanaantɔwo kple Hititɔwo ɖa le ŋgɔwò. 29 Nyemawɔ esiawo katã le ƒe ɖeka me o. Ne menye nenema o la, anyigba la ava zu gbedadaƒo, eye wɔadãwo ava gbɔ akpa. 30 Ke manɔ wo nyam ɖa vivivi va se ɖe esime amewo adzi axɔ anyigba blibo la dzi.

31 "Mana anyigba ƒe liƒowo natso Ƒu Dzĩ la nu ayi Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, eye wòagatso gbegbe siwo le anyigbeme va se ɖe Frat tɔsisi la nu. Mana nàɖu ame siwo katã le anyigba la dzi fifia la dzi, eye mana woasi le ŋgɔwò.

32 "Mègawɔ nubabla aɖeke kpli wo loo alo nàna kadodo aɖeke nanɔ kple woƒe mawuwo dome o. 33 Mègana woanɔ mia dome o, elabena menya be woana miadze woƒe mawuwo subɔsubɔ ƒe nu ̃ me; esia anye mɔtetre na mi, eye wòahe dzɔgbevɔ̃e va mia dzi."

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-