Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 2 39

Nunɔlawo ƒe awuwo

1 Le esiawo megbe la, ameawo tsɔ avɔ siwo wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la awu nyuiwo na nunɔlawo be woado hena woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la. Wotsɔ avɔ sia ke Aron ƒe awu kɔkɔewo abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.

Kɔmewu

2 Wotsɔ avɔ sia ke si wolɔ̃ kple sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ kple ɖetika ɣitɔ kɔmewu la . 3 Bezalel tu sika wòzu falɛe, eye wòfe eme wòzu sikaka suesuewo. Etsɔ wo na aɖaŋuvɔlɔ̃lawo be woalɔ̃ nu ɖe avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la me. Enye aɖaŋu nyui aɖe si nya kpɔ ŋutɔ.

4 Wode ka abɔta na kɔmewu la, eye woku wo ɖe kɔmewu la ƒe dzogoe eve ŋuti ale be woate ŋu asae. 5 Alidziblanu si wolɔ̃ kple aɖaŋu la kplii, wotsɔ sika, ɖetika ɣi, blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ ̃ wo kple kɔmewu la ɖekae abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene la tututu.

6 Wotsɔ sika kae, eye wotsɔ sikaka la onikskpe eve siwo wotɔ ɖe abɔtaka si le kɔmewu la ŋu lae. Woŋlɔ Israelviwo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi, 7 eye wotɔ wo ɖe Kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israelviwo dzi, abe ale si Yehowa de se na Mose ene.

Akɔtaɖonu la

8 Akɔtawu la nyo abe kɔmewu la ene. Wowɔ eya kple sika nyuitɔ, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe kawo, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe kawo abe kɔmewu la ke ene.

9 Edidi sentimita blaeve-vɔ-eve, eye wòkeke nenema ke. Woŋee ɖe akpa eve ale wòzu kotoku aɖe tɔgbi. 10 Woɖo kpe xɔasiwo ɖe fli ene me ɖe edzi. Kanelian, krisolit kple beril fli gbãtɔ me. 11 Tɔkuɔs lapis lazuli kple emerald fli evelia me. 12 Yasint, agate kple ametist fli etɔ̃lia me. 13 Topaz, oniks kple yaspa fli enelia me. Wotsɔ sika gbi kae fa ɖe wo ŋuti. 14 Woŋlɔ Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe xɔasiawo dzi.

15 Wotsɔ ka si wotsɔ sika nyuitɔ gbie la ɖo akɔtawu la ŋu. 16 Sikaka eve tsi ɖe sikanulénu eve ŋu le abɔtawu la ƒe dzogoe eveawo tame; 17 wosa sikaka eveawo ɖe asigɛ eveawo ŋu 18 eye wotɔ sikakɔsɔkɔsɔawo ƒe nu eveliawo ɖe onikskpe eveawo ŋu le akɔtawu la ƒe ŋgɔgbe. 19 Wogatɔ sikasigɛ eve ɖe abɔtaka eveawo ŋu ɖe Akɔtawu la te, wote ɖe afi si wokpe alidziblanu la le la ŋu. 20 Wogatɔ sikasigɛ eve ɖe Kɔmewu la ƒe abɔtaka la te, wote ɖe afi si wotsi kɔmewu la ɖe alidziblanu la ŋu la ŋu. 21 Wotsi Akɔtawu la ɖe Kɔmewu la ŋu sesĩe esi wotsɔ ka blɔtɔ sa ɖe Akɔtawu la ƒe sikasigɛ kple Kɔmewu la ƒe sikasigɛ ŋu. Yehowae ɖo esiawo katã na Mose.

Nunɔlawu bubuawo

22 Wotsɔ avɔ blɔtɔ Kɔmewu lae. 23 Woɖe teƒe ɖe kɔmewu la titina, afi si ame ƒe ta nato. Woƒo to na teƒe sia ale be mavuvu o. 24 Wotsɔ avɔ si me wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka ̃ nu ɖo la yevuboɖawo ɖe awu la to le ete godoo. 25 Wotsi nyawowoe siwo wotu kple sika nyuitɔ la ɖe yevuboɖa eve ɖe sia ɖe dome le awu la to. 26 Nyawowoe ɖeka yevuboɖa eve dome; aleae wòle awu ʋlaya la to kpe ɖo. Awu siae woado hena subɔsubɔ abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.

27 Azɔ la, wotsɔ avɔ si wolɔ̃ kple ɖeti ɣi la awu ʋlayawo na Aron kple via ŋutsuwo. 28 Wotsɔ avɔ sia ke akɔtawuwo, tablanuwo, kukuwo kple awutewuiwo kple alidziblakawoe. 29 Ke wotsɔ aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ ̃ nuwo ɖe alidziblanuawo me abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene. 30 Le esiawo katã megbe la, wotsɔ sika nyuitɔ ganuvi kɔkɔe si anɔ tablanu la ƒe ŋgonu. Woŋlɔ ɖe ganu sia dzi be,

wokɔ eŋuti na Yehowa.

31 Wotsɔ ka blɔtɔ ganu sia ɖe tablanu la ƒe ŋgonu abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene.

Mose ŋku ɖe agbadɔ la ŋu

32 Wozɔ ɖe ɖoɖo siwo katã Yehowa na Mose la nu. Ale wowu agbadɔ la nu mlɔeba. 33 Azɔ la, wokɔ agbadɔ blibo la ŋunuwo yi Mose gbɔ:

xɔmenuwo, ganuviawo, ʋuƒowo, gametiwo, sɔtiwo, afɔwo;

34 agbogbalẽ siwo wode ama dzĩi hena agbadɔ la tame kple eƒe axawo kple xɔmenuwo;

35 nubablaɖaka la, Se Ewoawo le eme; atiawo hena nubablaɖaka la kɔkɔ, amenuveteƒe la;

36 kplɔ̃ la kple eŋunuwo katã; ŋkumeɖobolo la;

37 sikakaɖiti la, akaɖigbɛawo, wo ŋunuwo kple ami;

38 Sikavɔsamlekpui la, ami sisi la, Dzudzɔdonu ʋeʋĩ la, agbadɔnuvɔ la;

39 Akɔblivɔsamlekpui la, akɔblidzrala la; atiawo kple wo ŋunuwo katã; tsileze la kple eƒe ;

40 Xɔxɔnu la ŋu ƒe avɔwo kple woƒe tsyotiwo, xɔxɔnu la ƒe agbonuvɔwo, kpɔtiawo;

woƒe zɔwo, woƒe kawo kple gatagbadzɛawo;

nu siwo katã ŋu wowɔ le agbadɔ la tutu me.

41 Emegbe la, wotsɔ awu nyui siwo wotɔ be woado hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ, nunɔla Aron kple via ŋutsuwo ƒe awu kɔkɔewo hena subɔsubɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la.

42 Ale Israelviwo blibo la pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. 43 Mose ŋku ɖe blibo la ŋu. Eyra ameawo, elabena wowɔ blibo la ɖe ale si Yehowa ɖo la nu pɛpɛpɛ.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também