Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 2 8

1 Yehowa gblɔ na Mose be, "Gayi Farao gbɔ, eye nàgblɔ be, Ale Yehowa gblɔe nye si. Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm. 2 Ne ègbe la, maɖo akpɔkplɔwo ƒe hatsotso gãwo ɖa woava anyigba la dzi tso liƒo ɖeka dzi yi bubu dzi. 3 Akpɔkplɔwo asɔ gbɔ ɖe Nil tɔsisi la me. Woava ge ɖe fiasã la me, age ɖe xɔdɔme me, woage ɖe abati dzi, woage ɖe dumegãwo ƒe aƒewo me, eye woage ɖe abolokpowo kple amɔzewo me. 4 Akpɔkplɔawo ata le ŋutɔ, amewo kple ŋuwòmewo katã dzi.’ "

5 Yehowa gblɔ na Mose be, "Gblɔ na Aron be wòado eƒe atikplɔ ɖe tɔsisiwo, tɔʋuwo kple tawo katã dzi le Egipte." 6 Aron nu sia, eye akpɔkplɔwo anyigba blibo la dzi. 7 Ke akunyawɔlawo tsɔ woƒe ayemenuwɔwɔwo nenema, eye woawo na akpɔkplɔwo do ɖe anyigba la dzi.

8 Tete Farao Mose kple Aron, heƒo koko na wo be, "Miɖe kuku na Yehowa be wòaɖe akpɔkplɔawo ɖa, ekema maɖe asi le ameawo ŋu woayi aɖasa ."

9 Mose gblɔ be, "Ve nunye, eye nàgblɔ ɣeyiɣi si nàna woayi la nam ekema mado gbe ɖa be akpɔkplɔawo naku le ɣeyiɣi si dzi tututu nàtɔ asii la dzi. Akpɔkplɔawo aku le afi sia afi negbe le tɔsisi la me ko."

10 Farao ɖo eŋu be, "Wɔe etsɔ si gbɔna."

Mose yi edzi be, "Enyo, ava eme abe ale si nègblɔ ene, ekema ànya be, ame aɖeke mede Yehowa, mía Mawu la nu o. 11 Akpɔkplɔawo katã atsrɔ̃ negbe esiwo le tɔsisi la me ko."

12 Ale Mose kple Aron wodzo le Farao gbɔ. Mose ɖe kuku na Yehowa le akpɔkplɔ siwo wòɖo ɖa la ŋu. 13 Yehowa ɖe ŋugbe si Mose do na Farao la dzi. Akpɔkplɔ kukuwo duwo godo kple aƒewo me siaa. 14 Woli wo gleglegle, eye wohe ʋeʋẽ sẽŋu aɖe va anyigba blibo la dzi. 15 Ke esi Farao kpɔ be woɖe akpɔkplɔawo ɖa ko la, egasẽ dzi me, eye wògbe asiɖeɖe le ameawo ŋu abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene.

Fukpekpe dziŋɔ etɔ̃lia: muwo

16 Yehowa gblɔ na Mose be, "Gblɔ na Aron be, Tsɔ atikplɔ ƒo anyigba, eye ke siwo katã le Egiptenyigba dzi la atrɔ azu muwo.’ " 17 Mose kple Aron wowɔ nu si Mawu ɖo na wo la. Tete muwo Egiptenyigba blibo la dzi enumake, eye woƒo ɖe amewo kple woƒe lãwo katã dzi. 18 Akunyawɔlawo dze agbagba be yewo yewoawɔ nu ma ke kple woƒe nunya ɣaɣlawo, gake azɔ ya la, womete ŋui o, eye muawo ɖu amewo kple lãwo siaa.

19 Akunyawɔlawo gblɔ na Farao be, "Esia nye Mawu ƒe asinudɔ." Ke Farao gasẽ dzi me kokoko: meɖo to wo o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene.

Fukpekpe dziŋɔ enelia: togbatowo

20 Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, "etsɔ ŋdi kanya, nàdo go Farao esime wòyina tsi le ge le tɔsisi la me. Gblɔ be, Ale Yehowa gblɔe nye esi: ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm. 21 Ne ègbe la, maɖo togbatowo ƒe ha aɖe ɖa woava Egiptenyigba blibo la dzi, axɔ kple dumegãwo kple amewo ƒe aƒewo me. Ale Egiptetɔwo ƒe aƒewo me ayɔ fũu kple togbatowo, eye woayɔ anyigba la ƒe afi sia afi.

22 " Gake gbe ma gbe la, mana nuwo nato vovo le Gosenyigba dzi, afi si nye amewo le. Togbatowo ƒe ha manɔ afi ma ya o. Ale nànyae be nye Yehowa mele anyigba sia dzi, 23 elabena made vovototo amewo kple nye amewo dome. Dzesidede siawo katã ava eme etsɔ.’ "

24 Yehowa abe ale si wògblɔ ene. Togbatowo ƒe ha aɖe nye zi ge ɖe Farao ƒe fiasã la me kple eƒe dumegãwo ƒe aƒewo me, eye togbatoawo gblẽ nu le Egiptenyigba blibo la dzi.

25 Farao Mose kple Aron enumake hegblɔ na wo be, "Enyo; miyi miasa na miaƒe Mawu la, gake misa la le afii, le anyigba sia dzi, migayi gbedzi o."

26 Ke Mose ɖo eŋu be, "Eya masɔ o! Egiptetɔwo fu míaƒe vɔsawo. Ne míasa na Yehowa míaƒe Mawu le woƒe ŋkuta la, woawu . 27 Ele be míayi aɖanɔ gbedzi ŋkeke etɔ̃, asa na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma, abe ale si wòɖo na ene."

28 Farao ɖo eŋu be, "Enyo, maɖe na mi be miayi aɖasa na Yehowa, miaƒe Mawu la, gake migayi didiƒe sãa o. Azɔ la, miɖe abla miaɖe kuku na miaƒe Mawu la ɖe tanye."

29 Mose ̃ ɖe edzi hegblɔ be, "Ne medzo le gbɔwò la, mabia Yehowa be wòana togbatoawo katã nabu. Ke mele nya gbem na be mègable azɔ, ado ŋugbe na be yeaɖe asi le ameawo ŋu, eye emegbe nàgatrɔ susu o."

30 Mose dzo le Farao gbɔ, eye wòɖe kuku na Yehowa be wòaɖe togbatoawo ɖa.

31 Eye Yehowa nu si Mose bia. Togbatoawo dzo le Farao kple eŋumewo kple eƒe amewo gbɔ; wo dometɔ ɖeka ̃ meganɔ anyi o. 32 Ke fifia ̃ la, Farao gasẽ dzi me, eye melɔ̃ be yeaɖe asi le ameawo ŋu woadzo o.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também