Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 2 32

Sikanyivi la

1 Esi Mose megbɔ tso to la dzi kaba o ta la, Israelviwo gblɔ na Aron be, "Kpɔ ɖa, mawu aɖe si akplɔ la na , elabena Mose, ame si kplɔ tso Egipte la, bu ɖe . Nane anya wɔe."

2 Aron ɖo eŋu na wo be, "Miɖe sikatogɛ siwo mia srɔ̃wo, mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo de la eye miatsɔ wo nam." 3 Ale wo katã woɖe woƒe sikatogɛwo tsɔ na Aron. 4 Aron lolõ sika la, eye wòtsɔe nyivi aɖe ƒe nɔnɔme. Ameawo do ɣli be, "O, Israel, esiae nye mawu si kplɔ do goe le Egipte!"

5 Esi Aron kpɔ ale si ameawo kpɔ dzidzɔe le nyivilegba la ŋu la, etu vɔsamlekpui aɖe ɖe nyivilegba la ŋgɔ, eye wòɖe gbeƒã be, "Etsɔ la, míasa aɖe na Yehowa!"

6 Esi ŋu ke la, wofɔ kaba, eye wode asi numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo wɔwɔ me na nyivilegba la. Emegbe la, wonɔ anyi ɖu nu, eye wono nu nyuie, eye wotsi tsitre, eye woɖu ɣe.

7 Tete Yehowa gblɔ na Mose be, "Ɖi kaba, elabena ame siwo nèkplɔ tso Egipte la dze nu ̃ me, 8 eye woɖe asi le nye seawo katã ŋu enumake. Wowɔ sikanyivilegba aɖe na wo ɖokuiwo. Wole esubɔm, le sam , eye wole gbɔgblɔm be, O Israel, esiae nye mawu si kplɔ tso Egipte.’ "

9 Yehowa yi edzi be, "Mekpɔ be dukɔ sia me tɔwo nye kɔlialiatɔwo kple aglãdzelawo. 10 Gblẽm ɖi azɔ, eye nye dɔmedzoe nabi ɖe wo ŋu. Matsrɔ̃ wo katã, eye mawɔ , Mose nàzu dukɔ aɖe ɖe wo teƒe."

11 Ke Mose ɖe kuku na Yehowa, eƒe Mawu la be megawɔ nenema o. Eɖe kuku be, "Yehowa, nu ka ta nèdo dɔmedzoe helĩhelĩ ale ɖe ŋutɔ dukɔ si nèkplɔ tso Egiptenyigba dzi kple ŋusẽ kple nukunu triakɔ mawo tɔgbi la ŋu? 12 Ɖe nèdi be Egiptetɔwo nagblɔ be, Mawu ble wo be woava toawo dzi ale be yeate ŋu awu wo, atsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi keŋkeŋmahã? Ɖe asi le dɔmedzoe sesẽ la ŋu. Trɔ susu, eye mègahe dzɔgbevɔ̃e va amewo dzi o. 13 Ɖo ŋku ŋutɔ ŋugbe si nèdo na dɔlawo, Abraham, Isak kple Israel la dzi, elabena ètsɔ ŋutɔ ŋkɔ ka atam be, Mana miaƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba sia katã si ŋugbe medo la ana miaƒe dzidzimeviwo tegbetegbe.’ "

14 Ale Yehowa trɔ eƒe tameɖoɖo la, eye wòkpɔ nublanui na wo. 15 Mose ɖi tso to la dzi. Elé kpe eve siwo ƒe akpa eveawo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la ɖe asi. 16 Mawu ŋutɔe kpa kpeawo, eye wòŋlɔ Seawo ɖe kpeawo dzi.

17 Esi Yosua se ɣli si ameawo katã dodom le toa te la, egblɔ na Mose be, "Ewɔ abe ɖe wole dzadzram ɖo na aʋawɔwɔ ene!"

18 Ke Mose ɖo eŋu be,

"Ao, menye dziɖuɣli alo aʋasiɣlie o,

ke boŋ hadzidzie."

Mose do dɔmedzoe

19 Esi wote ɖe asaɖa la ŋu la, Mose kpɔ sikanyivilegba la kple ameawo wonɔ ɣe ɖum. Edo dɔmedzoe ale gbegbe be wòtsɔ kpe siwo dzi Mawu ŋlɔ Seawo ɖo la ƒu anyi wogbã le to la te. 20 Etsɔ sikanyivilegba la, eye wòdee dzo me wòlolo. Esi sika la fa la, etui memie wòzu . Etsɔ la ɖe tsi me hena Israelviwo wono.

21 Mose bia Aron be, "Nu ka tututu ameawo be nèhe nu ̃ triakɔ sia va wo dzi?"

22 Aron ɖo eŋu be, "Nye aƒetɔ, mègado dɔmedzoe helĩhelĩ nenema o. Ènya ame siawo nyuie, eye ènya ameha ̃ɖi si wonye. 23 Woawoe gblɔ nam be, mawu aɖe na , wòakplɔ , elabena nane Mose, ame si kplɔ do goe le Egipte.24 Megblɔ na wo be, Mitsɔ miaƒe sikatogɛwo .Ale wotsɔ wo . Metsɔ wo de dzo me, eye nyivi siae do go tso eme!"

25 Esi Mose kpɔ be ameawo woƒe tsɔ to Aron ƒe ŋusẽdoame me, eye yewoƒe futɔwo dzidzɔ kpɔm le nu sia ŋu la, 26 etsi tsitre ɖe asaɖa la ƒe mɔnu, eye wòdo ɣli be, "Mi ame siwo katã le Yehowa dzi la, miva afi sia miawɔ ɖeka kplim." Tete Levitɔwo katã do go va egbɔ.

27 Egblɔ na wo be, "Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, Mitsɔ miaƒe yiwo, eye miatsa le asaɖa la me, tso asaɖa la ƒe seƒe ɖeka yi ekemɛ, eye miawu mia ŋutɔwo mia nɔviwo, xɔlɔ̃wo kple ame nyanyɛwo ̃ .’ " 28 Levitɔwo abe ale si Mose gblɔ na wo ene, eye ame abe akpe etɔ̃ ene ku gbe ma gbe.

29 Mose gblɔ na Levitɔwo be, "Egbe la, mieɖo mia ɖokuiwo hena dɔwɔwɔ na Yehowa, elabena mieɖo toe, togbɔ be toɖoɖoe na be miewu mia ŋutɔwo mia viwo kple mia nɔviwo . Azɔ la, Yehowa akɔ yayra geɖe ɖe mia dzi."

Mose ɖe kuku ɖe dukɔ la ta

30 Esi ŋu ke la, Mose gblɔ na Israelviwo be, "Miewɔ nu ̃ aɖe, ke magbugbɔ ayi Yehowa gbɔ le to la dzi. Ɖewohĩ mate ŋu ana wòatsɔ miaƒe nu ̃wo ake mi."

31 Ale Mose trɔ yi Yehowa gbɔ, eye wògblɔ be, "O, ame siawo nu ̃ aɖe: wotsɔ sika mawuwo na wo ɖokuiwo. 32 Meɖe kuku, tsɔ woƒe nu ̃wo ke wo. Ke ne màte ŋui o la, ekema na nye boŋ maku ɖe wo teƒe, eye nàtutu nye ŋkɔ ɖa le agbalẽ la me."

33 Yehowa ɖo eŋu na Mose be, "Ame sia ame si nu ̃ ɖe ŋunye la, eya ƒe ŋkɔe matutu ɖa le nye agbalẽ la me. 34 Azɔ la, yi eye nàkplɔ nye ameawo ayi teƒe si ƒe nya megblɔ na . Meka ɖe edzi na be nye Dɔla anɔ ŋgɔ na mi. Ke ne meva be makpɔ ameawo ɖa la, mahe to na wo le woƒe nu ̃wo ta." 35 Tete Yehowa na dɔvɔ̃ dze ameawo dzi, elabena wosubɔ Aron ƒe sikanyivilegba la.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também