Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 2 36

1 Dɔwɔla siwo si aɖaŋu kple ŋutete tɔxɛwo le la nakpe ɖe Bezalel kple Oholiab ŋu le agbadɔ la tutu kple eŋunuwo wɔwɔ me abe ale si Yehowa gblɔe ene."

2 Ale Mose Bezalel kple Oholiab kple ame bubu siwo katã Yehowa na ŋutetee, eye wolɔ̃ be yewoawɔ la be woadze la gɔme. 3 Mose tsɔ nu siwo Israelviwo dzɔ la na wo bena woatsɔ awɔ kɔkɔeƒe la ŋu dɔwoe. Nudzɔdzɔ bubuwo gavana ŋdi sia ŋdi.

4 Mlɔeba la, dɔa wɔlawo katã gblẽ woƒe dɔdeasiwo ɖi. 5 Woyi ɖado go Mose, eye wogblɔ be, "Nu siwo nètsɔ na be míatsɔ awɔ si Yehowa gblɔ be woawɔ la gbɔ wu esiwo míehiã na dɔa nu wuwu!" 6 Ale Mose ɖe gbeƒã na amewo katã le asaɖa la me be nudzɔdzɔ aɖeke megahiã o. Ale ameawo dzudzɔ nunanawo tsɔtsɔ , 7 elabena nu siwo wotsɔ do ŋgɔ la su na la.

Agbadɔ la

8 Aɖaŋuvɔlɔ̃lawo katã tsɔ avɔ blɔtɔ kple avɔ dzĩ ƒomevi eve avɔkpo ewo, eye wolɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe wo me hetsɔ wo Mawu ƒe lae. 9 Avɔawo katã ; woƒe didime nye mita wuietɔ̃, wokeke mita eve. 10 Wotɔ avɔkpo atɔ̃ ɖe wo nɔewo nu, le didime nu, eye wogatɔ avɔkpo atɔ̃ mamlɛa nenema ke. Ale wokpɔ xɔgbãvɔ didi eve. 11 Wotɔ aɖabɛka blɔtɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe xɔgbãvɔ ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ƒe didime, ale be gbãtɔ ƒe kawo ɖe evelia tɔwo nu. 12 Ale wotɔ ka kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe xɔgbãvɔ la to le go kemɛ me, eye ɖe sia ɖe ɖe esi dze ŋgɔe la nu. 13 Emegbe la, wotsɔ sika tu ganuvi blaatɔ̃. Wosa ka kpuikpuikpuiawo ɖe ganuviawo ŋu ale wowɔ xɔgbãvɔ didi eveawo ɖekae, eye wona wòzu dzisasa na agbadɔ la. 14 Emegbe la, wotsɔ avɔ titri siwo wolɔ̃ kple gbɔ̃fu la ƒe teƒe wuiɖekɛ gbã agbadɔ lae. 15 Avɔkpo ɖe sia ɖe didi mita wuietɔ̃, eye wòkeke mita eve. 16 Bezalel avɔkpo atɔ̃ ɖekae, eye wòtɔ ade mamlɛa ɖekae, ale wozu avɔ didi eve. 17 Etɔ ka kpuikpuikpui ɖe avɔ didi ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ŋu, 18 eye wòtu gavi blaatɔ̃ kple akɔbli na ka kpuikpuikpuiawo, ale wotsya avɔ didi eveawo ɖe wo nɔewo nu.

19 Wotsɔ agbogbalẽ siwo woɖa kple ama dzĩ la tsyɔ gbɔ̃fuvɔawo dzi, eye wogatsɔ gbɔ̃gbalẽwo tsyɔ alẽgbalẽawo dzi.

20 Wotsɔ akasiati agbadɔ la ƒe ʋuƒowo, axadzitiwo kple daɖedziwo. 21 Sɔti ɖe sia ɖe mita ene, eye wòkeke sentimita blaade-vɔ-ade. 22 Woɖe do ɖe atiawo ƒe nugbɔwo ale be woate ŋu atɔ ati eve ɖe wo nɔewo nu nyuie. 23 Ʋuƒo blaeve agbadɔ la ƒe dziehe lɔƒo. 24 Wotsɔ klosalo afɔti blaene ɖe atiawo te: afɔti eve ati ɖe sia ɖe te. 25 Sɔti blaeve agbadɔ la ƒe anyiehe lɔƒo. 26 blaene siwo wotu kple klosaloga la sɔtiawo te, eve ɖe sia ɖe te. 27 Wotu sɔti ade ɖe agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Afi siae nye agbadɔ la megbe. 28 Sɔti bubu ɖeka dzogoe ɖe sia ɖe dzi. 29 Wotsɔ sikasigɛwo sɔtiawo kple dzogoedzitɔwo siaa ɖekae le eƒe dzigbe kple anyigbe siaa. 30 Ale sɔti enyi agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi, eye klosalozɔ wuiade wo te: eve ɖe sia ɖe te.

31 Le esia megbe la, wodze akasiati tsɔ ɖo sɔtiawo ŋu. Atɔ̃ agbadɔ la ƒe axa ɖeka dzi, 32 atɔ̃ ganɔ axa evelia dzi, eye atɔ̃ bubu ganɔ agbadɔ la ŋgɔ le ɣetoɖoƒe lɔƒo. 33 Woɖo daɖedzitiawo ale gbegbe be wokpe le titina, eye wodo tso go ɖeka me yi go kemɛ me. 34 Wofa sika ɖe sɔtiawo kple akasiati dzedzeawo ŋu. Wotsɔ sika nyuitɔ asigɛawo.

35 Wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ɖeti ɣi ƒe kawo ̃ xɔmetsovɔ la, eye wolɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe eme. 36 Wotsi xɔmetsovɔ la ɖe sikagatagbadzɛ ene siwo sɔti ene ŋu la ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo ŋu, eye wotu wo ɖe klosalozɔ ene dzi.

37 Etsɔ avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ la. 38 Woƒo gatagbadzɛ atɔ̃ ɖe sɔti atɔ̃ ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo kple woƒe helétiawo ŋu. Wotsɔ akɔbli na sɔtiawo, eye wotsɔ xɔmetsovɔ la de sɔtiawo ƒe gatagbadzɛawo ŋu.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também