Agradecimento a Deus
Agradecer a Deus é louvor, adoração e reconhecimento da sua soberania. Dai graças ao Senhor porque Ele é bom — a sua misericórdia dura para sempre!
Mina míado ɖe eŋkume kple akpedada,
eye míadoe ɖe dzi to saŋku kple hadzidzi me.
Mige ɖe eƒe agbowo me kple akpedada,
eƒe xɔxɔnuwo kple kafukafu;
mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe eŋkɔ.
Mikafu Yehowa.
Mida akpe na Yehowa,
elabena eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
Wòe nye nye Mawu, eya ta mada akpe na wò;
wòe nye nye Mawu, eya ta mado wò ɖe dzi.
Midzi ha na Yehowa kple akpedada,
eye miƒo ha na míaƒe Mawu la kple kasaŋku.
Matsɔ hadzidzi akafu Mawu ƒe ŋkɔ,
eye madoe ɖe dzi kple akpedada.
Yehowae nye nye ŋusẽ kple akpoxɔnu;
nye dzi ka ɖe eya amea dzi, eye wòɖem.
Nye dzi ti kpo le dzidzɔkpɔkpɔ ta,
eye mada akpe nɛ to hadzidzi me.
Oo, mía Mawu, míeda akpe na wò
eye míekafu wò ŋkɔ kɔkɔe la.
Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe kpakple akpedada gblɔ miaƒe hiahiãwo na Mawu.
Nye gbedodoɖawo katã ɖe mia ta nye akpedada sɔŋ ko na Mawu.
Eye nu sia nu si miawɔ la, eɖanye le nya me alo nuwɔwɔ me o, miwɔ wo katã le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me, eye miada akpe na Mawu Fofo la, to eya amea me.
Míedaa akpe na Mawu ɣe sia ɣi ɖe mia ta eye míedoa gbe ɖa ɖe mia ta madzudzɔmadzudzɔe. Le míaƒe gbedodoɖawo me na Mawu, mía Fofo la ɖe mia ta la, míeŋlɔa miaƒe lɔlɔ̃dɔwo, miaƒe xɔse triakɔ kple mɔkpɔkpɔ na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ la be o.
Meda akpe na nye Mawu ɖaa ɖe mia ta le Mawu ƒe amenuveve si wòna mi le Kristo Yesu me la ta.
Míeda akpe na Mawu le esiawo katã ta! Eyae wɔ mí dziɖulawoe to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi!
Ke akpe na Mawu be to nu si Kristo wɔ me la, míekpɔ dziɖuɖu eye míekaka nyanyui la abe ami ʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ ene ɖe amewo dome le afi sia afi si míeyi.
Ke Mawu, ame si naa nuku agbledela wòƒãna, eye emegbe la, wòyrana ɖe edzi be wòakpɔ nuɖuɖu gbe sia gbe la ana nuku geɖewo mi be miaƒã, eye wòana woatsi aʋã nyuie ale gbegbe, be miakpɔ nuku geɖe le nuxaɣi, be miatsɔ ɖewo ana ame bubuwo hã. Mawu ŋutɔ ana be miazu kesinɔtɔwo ale be miate ŋu ana nu ame dahewo ɣe sia ɣi, ale be ne míetsɔ wo yii na wo la, woada akpe geɖe na Mawu le ale si miekpe ɖe wo ŋu ta.
Mitsɔ Psalmowo kple kafukafuhawo ƒo nu na mia nɔewo. Midzi kafukafuhawo na Aƒetɔ la le miaƒe dziwo me. Mida akpe na Mawu Fofo la ɖaa le nu sia nu ta le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me.
Mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia nɔewo abe bubudede Kristo ŋu ƒe dzesi ene.
Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ la kple tɔmelã meme eve la, eye wòwu mo dzi, heda akpe ɖe wo ta. Eŋe aboloawo me, eye wòtsɔ wo kple tɔmelãwo na nusrɔ̃la ɖe sia ɖe be wòaɖo ameawo ƒe akɔme. Ameawo ɖu nu la ale gbegbe be woɖi ƒo wu ale si hiã, eye esi nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kple tɔmelã kakɛ siwo susɔ la, woyɔ kusi wuieve.