Publicidade

Salmos 69

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe "Dzogbenya" ƒe gbeɖiɖi nu.

1 Mawu, ɖem,

elabena tsi ɖɔ ɖe ŋunye va se ɖe nye kɔgbɔ ke.

2 Meɖo ba yi ɖe tome ke,

afi si afɔɖoƒe mele o.

Meɖo goglowo me;

tsi ɖɔ to tanye.

3 Medo ɣli be woaxɔ nam,

ale nu ti nam, eye nye ve me ƒu kplakplakpla.

Mekpɔ na Mawu ʋuu,

eye ɖeɖi te nye ŋkuwo ŋu.

4 Ame siwo fum ɖe nanekemawɔmawɔ ta la

gbɔ wu nye taɖa.

Amewo fum yakatsyɔ,

eye woti yonyeme be woatsrɔ̃m.

Ale meɖo nu si nyemefi o la eteƒe dzizizitɔe.

5 O! Mawu, ènya nye bometsitsi,

eye nye fɔɖiɖi mele ɣaɣla ɖe o.

6 O! Aƒetɔ, Yehowa Ŋusẽkatãtɔ,

mègana ame siwo ƒe mɔkpɔkpɔ

le mewò la naɖu ŋukpe le tanye o.

O! Israel ƒe Mawu, ame siwo le diwòm la,

mègana ŋu nakpe wo le tanye o.

7 Tawòe wodo vlom ɖo,

eye ŋukpe tsyɔ mo nam.

8 Menye amedzro na nye ŋutɔ nɔvinye ŋutsuwo

kple ame manyamanya na danyevi ŋutsuwo.

9 Elabena lɔlɔ̃ na aƒe zu dzo ge ɖe menye,

eye ame siwo dzu la ƒe dzudzu va dzinye.

10 Esi mefa avi, tsi nu la,

vlododo boŋ wozu nam;

11 esi meta akpanya la,

mezu nu ɖikokoe na amewo.

12 Ame siwo anyi ɖe agbo nu la ɖe alɔme le ŋunye,

eye ahamulawo kekeake kpa ha dem.

13 O! Yehowa, medo gbe ɖa na le amenuveɣi;

O! Mawu, le lɔlɔ̃ la ta,

nam kple xɔname si medana le edzi o.

14 Ɖem tso agbi me,

mègana mayi to o,

ɖem le ame siwo fum la ƒe asi me,

tso goglowo me.

15 Mègana tsi naɖɔ to tanye,

alo gogloƒe namim, eye ʋe globo natu eƒe nu ɖe dzinye o.

16 O! Yehowa, nam, le lɔlɔ̃ deto la ta,

eye trɔ ɖe ŋutinye le nublanuikpɔkpɔ la ta.

17 Mègaɣla mo ɖe dɔla o;

ke boŋ nam kaba, elabena meɖo xaxa me.

18 Te ɖe ŋunye, eye nàxɔ nam,

ɖem le nye ketɔwo ta.

19 Ènya ale si wodo vlom,

ɖi gbɔ̃m, eye wodo ŋu kpem;

nye futɔwo katã le ŋkuwò me.

20 Vlododo na nye dzi gbã,

eye mezu xɔnamemanɔsitɔ;

mekpɔ na babadoname,

gake ɖeke meli o.

Mekpɔ na akɔfalawo,

gake nyemekpɔ ɖeke o.

21 Wotsɔ veve de nye nuɖuɖu me,

eye esi tsikɔ wum la, wotsɔ aha tsitsi nam be mano.

22 Woƒe kplɔ̃ si woɖo na wo la nezu na wo;

nezu teƒeɖoɖo kple na wo.

23 Woƒe ŋkuwo dzi nedo viviti be,

womagate ŋu akpɔ nu o,

eye na woƒe dzi me naɖo kpo tegbee.

24 Trɔ dziku ɖe wo dzi,

eye nàna dɔmedzoe helĩhelĩ nalé wo.

25 Woƒe nɔƒe neɖi gbɔlo;

mègana be ame aɖeke neganɔ woƒe agbadɔwo me o.

26 Elabena woti ame siwo ŋu nède abii la yome,

eye wole nu ƒom le ame siwo nèwɔ nuvevii la ƒe vevesese ŋu.

27 Bu wo, eye nàgabu wo ɖe edzi;

mègana woakpɔ gome le xɔname me o.

28 Tutu woƒe ŋkɔwo ɖa le agbegbalẽ la me,

eye mègana woaŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖe

ame dzɔdzɔewo dome o.

29 Mele vevesese kple nuxaxa me;

O! Mawu, na xɔname natɔ kpɔ ƒo xlãm.

30 Matsɔ hadzidzi akafu Mawu ƒe ŋkɔ,

eye madoe ɖe dzi kple akpedada.

31 Esia adze Yehowa ŋu wu nyi,

eye wòado dzidzɔ wu nyitsu

kple eƒe dzowo kpakple eƒe afɔkliwo.

32 Hiãtɔwo akpɔe ahatso aseye,

eye mi ame siwo dia Mawu la,

míaƒe dziwo nenɔ agbe ɖaa!

33 Yehowa ɖoa to hiãtɔwo,

eye medoa vlo eƒe ame siwo le aboyome o.

34 Dziƒo kple anyigba nekafui,

atsiaƒuwo kple nu siwo katã ʋãna le wo me,

35 elabena Mawu aɖe Zion,

eye wòagbugbɔ Yuda ƒe duwo atso.

Ekema amewo aɖanɔ afi ma, axɔe wòazu wo ;

36 eƒe dɔlawo ƒe viwo atsɔe anyi domee,

eye ame siwo ̃ eƒe ŋkɔ la anɔ afi ma.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-