Aliança
A aliança é o modo como Deus se relaciona com seu povo. Da aliança com Noé à Nova Aliança em Cristo, Deus se compromete com amor e fidelidade irrevogáveis.
Alianças com Israel
Deus firmou aliança com Abraão, Moisés e Davi. No arco-íris, na lei, nas promessas — Ele é o Deus da aliança.
Mawu gblɔ na Noa kple via ŋutsuwo be, "Azɔ la, mebla nu kple wò kple wò dzidzimeviwo kpakple nu gbagbe ɖe sia ɖe si nɔ gbɔwò, xeviawo, aƒemelãawo, lã wɔadãawo katã, nu sia nu si do go tso aɖakaʋu la me kple wò, nu gbagbe ɖe sia ɖe si le anyigba dzi. Mebla nu kpli wò. Tsiɖɔɖɔ magatsi agbe nu na nu gbagbewo azɔ o. Tsi magaɖɔ, agatsrɔ̃ anyigba akpɔ o. Metsɔ dzesi sia tre nubabla sia nu: Metsɔ nye anyieʋɔ de lilikpowo me abe nye nubabla ƒe dzesi na wò kple anyigbadzitɔwo katã ene va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu.
Mebla nu kpli wò. Tsiɖɔɖɔ magatsi agbe nu na nu gbagbewo azɔ o. Tsi magaɖɔ, agatsrɔ̃ anyigba akpɔ o.
Metsɔ nye anyieʋɔ de lilikpowo me abe nye nubabla ƒe dzesi na wò kple anyigbadzitɔwo katã ene va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu.
Ale Yehowa wɔ nubabla sia kple Abram gbe ma gbe gblɔ be, "Metsɔ anyigba sia si le Egipte tɔsisi la kple Frat tɔsisi gã la dome la na wò dzidzimeviwo. Metsɔ dukɔ siawo hã na wò: Kenitɔwo, Kenizitɔwo, Kadmonitɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Refaimtɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Girgasitɔwo kple Yebusitɔwo."
Abram tsyɔ mo anyi, eye Mawu gblɔ nɛ be, "Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wò: ànye dukɔ geɖewo fofo."
Mawu yi edzi be, "Wò ŋkɔ maganye Abram o, ke boŋ ezu Abraham, elabena meɖo wò dukɔ geɖewo fofoe. Mana dzidzimevi akpe akpewo wò, eye woazu dukɔ geɖewo! Fiawo anɔ wò dzidzimeviwo dome!
"Mana nye nubabla nazu nubabla mavɔ le nye kpli wò kple wò dzidzimeviwo dome hena dzidzime siwo gbɔna la, be manye wò Mawu kple Mawu na wò dzidzimeviwo. Kanaanyigba blibo la, afi si nèle fifia abe amedzro ene la, matsɔe na wò wòanye tɔwò kple wò dzidzimeviwo tɔ tegbetegbe, eye manye woƒe Mawu."
Eye Mawu gblɔ na Abraham be, "Ele na wò be nàlé nye nubabla me ɖe asi, wò kple wò dzidzimeviwo le dzidzime siwo ava la me. Esia nye nye nubabla kpli wò kple wò dzidzimeviwo, nubabla si mialé be na le mia dome lae nye be: Woatso aʋa na ŋutsu sia ŋutsu le mia dome. Woaɖe miaƒe aʋanuyiwo ɖa. Esia anye dzesi be wò kple wò dzidzimeviwo siaa miexɔ nubabla sia.
Le ƒe wuienelia me la, Kedolaoma kple fia siwo kpe ɖe eŋu la yi ɖasi Refaimtɔwo le Asterot, Karnaimtɔwo kple Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Save Kiriataim
Azɔ la, ne miaɖo tom, eye miawɔ nye nubabla dzi la, mianye nye ame tiatiawo le xexemedukɔwo katã dome, elabena tɔnyee nye xexea me katã.
"Mana wò anyigba ƒe liƒowo natso Ƒu Dzĩ la nu ayi Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, eye wòagatso gbegbe siwo le anyigbeme va se ɖe Frat tɔsisi la nu. Mana nàɖu ame siwo katã le anyigba la dzi fifia la dzi, eye mana woasi le ŋgɔwò.
"Mègawɔ nubabla aɖeke kpli wo loo alo nàna kadodo aɖeke nanɔ wò kple woƒe mawuwo dome o.
Yehowa ɖo eŋu be, "Enyo. Esiae nye nubabla si mawɔ kple wò. Mawɔ nukunu siwo tɔgbi ame aɖeke mewɔ le xexea me blibo la ƒe akpa aɖeke kpɔ o. Israelviwo katã akpɔ Yehowa ƒe ŋusẽ. Woakpɔ ŋusẽ triakɔ si maɖe afia to dziwò."
Mose yi ɖanɔ toa dzi kple Yehowa ŋkeke blaene kple zã blaene. Meɖu naneke alo no naneke le ŋkeke siawo me o. Le ɣeyiɣi sia me la, Mawu ŋlɔ nubabla la me nya siwo nye Se Ewoawo la ɖe kpe kpakpɛ eveawo dzi.
Mose yi ɖanɔ toa dzi kple Yehowa ŋkeke blaene kple zã blaene. Meɖu naneke alo no naneke le ŋkeke siawo me o. Le ɣeyiɣi sia me la, Mawu ŋlɔ nubabla la me nya siwo nye Se Ewoawo la ɖe kpe kpakpɛ eveawo dzi.
Eɖe gbeƒã eƒe nubabla, eƒe Se Ewoawo, siwo wòde na mi be mialé wo me ɖe asi, eye woŋlɔ wo ɖe kpe kpakpa eve dzi na mi.
Eya ta nyae bena Yehowa, wò Mawu la nye Mawu nuteƒewɔla. Ewɔa eƒe ŋugbedodowo dzi na dzidzime akpewo, eye wòtsɔa lɔlɔ̃ mavɔ lɔ̃a ame siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe seawo dzi.
Alianças renovadas
O povo renovava a aliança diante do Senhor. A fidelidade de Deus permanece mesmo quando o povo falha.
Ale esi ameawo do le asaɖa la me yina be woatso Yɔdan tɔsisia la, nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la dze ŋgɔ na wo. Azɔ Yɔdan tɔsisi la ɖɔ, gbagba le nuŋeɣi katã, gake esi nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la ɖo Yɔdan tɔsisi la nu, eye woƒe afɔ ka tɔsisi la to teti ko la, dzigbetsi la dzudzɔ sisi, eye wòzu gli le adzɔge na wo le du aɖe si woyɔna be Adam la gbɔ le Zaretan lɔƒo. Ke tsi si nɔ sisim yina ɖe anyigbeme la si yi ɖe Araba alo Dzeƒu la me. Ale tsi la ƒe sisi tɔ keŋkeŋ, eye ameawo tso tɔsisi la ɖi go ɖe Yeriko kasa. Nunɔla siwo kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tɔ ɖe anyigba ƒuƒui dzi le Yɔdan tɔsisi la titina, ale Israelviwo katã tso eme va se ɖe esime dukɔ blibo la tso tɔsisi la le anyigba ƒuƒu dzi.
Yehoiada wɔ nubabla le Yehowa kple fia la kple dukɔa dome be woanye Yehowa tɔ. Egawɔ nubabla le fia la kple ameawo hã dome.
Fia la tsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le ameawo ŋkume. Eya kple ameawo ɖe adzɔgbe na Yehowa be yewoadze eyome, alé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo, kple ɖoɖowo me ɖe asi kple dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye yewoawɔ nubabla sia ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi; eye dukɔ blibo la bla nu.
Ale Fia Yehoram dzo le Samaria yi ɖaƒo Israelʋakɔ nu ƒu. Eɖo du ɖe Yuda fia Yehosafat be, "Moab fia dze aglã ɖe ŋunye; àte ŋu akpe ɖe ŋunye mawɔ aʋa kpliia?"
Yehosafat ɖo eŋu be, "Makpe ɖe ŋuwò. Nye amewo kple nye sɔwo le asiwò me."
Ale Yonatan bla nu kple David ƒe ƒometɔwo eye David ka atam be fiƒode dziŋɔ aɖe nava ye kple yeƒe ƒometɔwo dzi ne yewomewɔ nubabla la dzi o. Ke Yonatan na David gaka atam nɛ azɔ kple eƒe lɔlɔ̃ nɛ elabena elɔ̃e abe eɖokui ene.
Yehowa gblɔ na Mose be, "Finehas, Eleazar ƒe viŋutsu kple nunɔla Aron ƒe tɔgbuiyɔvi na nye dɔmedzoe nu tso, elabena eya hã do dɔmedzoe abe nye ke ene le nye bubu ta. Eya ta nyemagatsrɔ̃ Israel blibo la abe ale si meɖo ene o. Eya ta gblɔ nɛ be, mele nye ŋutifafa ƒe nubabla wɔm kplii. Eya kple eƒe dzidzimeviwo anɔ nubabla me kplim tso nunɔladɔwɔwɔ tegbetegbe ŋu, elabena etsi dzi ɖe eƒe Mawu ƒe bubu ŋu ele wòlé avu ɖe Israelviwo nu."
Esi Mose yi agbadɔ la me be yeaƒo nu kple Mawu la, ese Gbe la wònɔ nu ƒom nɛ tso teƒe si le nubablaɖaka la ƒe amenuvevezikpui la tame le Kerubi eveawo tame.
Emegbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, "Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be toawo ƒe kplɔla ɖe sia ɖe natsɔ atikplɔ si dzi wòŋlɔ eƒe ŋkɔ ɖo la vɛ na wò. Ele be Aron ƒe ŋkɔ nanɔ Levi ƒe viwo ƒe to la tɔ dzi. Tsɔ atikplɔ siawo da ɖe agbadɔ la ƒe xɔ emetɔ me, afi si medoa go wò le, le nubablaɖaka la ŋgɔ. Mawɔ atikplɔ siawo ŋu dɔ be made dzesi ame si metia, elabena amea ƒe atikplɔ azu ati gbagbe, eye wòadze! Ekema Israelviwo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ ɖe mia ŋu nu atso!’ "
Ale Mose gblɔ nya la na Israelviwo. Kplɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe, ame siwo dome Aron hã nɔ la, tsɔ atikplɔ ɖeka vɛ. Mose tsɔ atikplɔawo da ɖe Yehowa ŋkume le agbadɔ la ƒe xɔ emetɔ me.
Esi ŋu ke wòyi la, ekpɔ be Aron ƒe atikplɔ si nye Levi ƒe to la tɔ la dze, eye seƒoƒowo de asi keke me le eŋu! Esi Mose kɔ atikplɔawo tso Yehowa ƒe ŋkume do goe va fia Israelviwo la, wotsi yaa kple dzimaxɔse! Ame sia ame xɔ eƒe atikplɔ negbe Aron ko.
Yehowa gblɔ na Mose be wòatsɔ Aron ƒe atikplɔ la ada ɖe nubablaɖaka la xa, wòanɔ afi ma tegbetegbe be wòaɖo ŋku aglãdzedze sia dzi na ameawo. Ne ame aɖe galĩ liʋĩliʋĩ tso Aron ƒe nɔƒe ŋu la, ekema ele be Mose nahe atikplɔ la do goe, atsɔ afia ameawo. Nu sia ana be dzɔgbevɔ̃e bubu magava ameawo dzi o. Ale Mose wɔ nu siwo Yehowa ɖo nɛ.
Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Esi wowɔ vɔ̃ sia ta la, Yehowa tsɔ Israel de Moab fia Eglon ƒe ŋusẽ te. Amonitɔwo kple Amalekitɔwo kpe ɖe Moab fia la ŋu; woɖu Israelviwo dzi, eye woxɔ Yeriko, du si woyɔna be "Detiwo ƒe Du"
Nova Aliança
Eis que dias vêm em que farei nova aliança. Jesus é mediador de uma aliança superior, fundamentada em melhores promessas.
Yehowa be, "Ɣeyiɣi li gbɔna
esi mabla nu yeye
kple Israel ƒe aƒe
kple Yuda ƒe aƒe.
Manɔ abe nu si mebla
kple wo fofowo ene
esi melé woƒe alɔnu be
makplɔ wo do goe le Egipte la ene o.
Elabena wotu nye nubabla
la togbɔ be menye srɔ̃ŋutsu na wo hã,"
Yehowae gblɔe.
"Esiae nye nubabla kple Israel ƒe aƒe la
le ɣeyiɣi ma megbe," Yehowae gblɔe.
"Matsɔ nye se ade woƒe susuwo me
eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋuti.
Manye woƒe Mawu,
eye woanye nye dukɔ.
Ame aɖeke magafia nu ehavi
alo nɔvia agblɔ be, ‘Dze si Yehowa’ o,
elabena wo katã woadze sim
tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,"
Yehowae gblɔe.
"Elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo
eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o." Yehowae gblɔe.
"Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ne miate ŋu atu nye nu si mebla kple ŋkeke kple zã, ale be ŋkeke kple zã magava ɖe woƒe ɖoɖo nu o la, ekema woate ŋu atu nye nu si mebla kple nye dɔla David kple esi mebla kple Leviviwo, ame siwo nye nunɔlawo eye wowɔa subɔsubɔdɔ le ŋkunye me. David hã magakpɔ dzidzimevi si aɖu fia le eƒe fiazikpui dzi o.
Le susu sia tae Kristo nye nubabla yeye la ƒe avuléla be ame siwo woyɔ la naxɔ domenyinyi mavɔ la ƒe ŋugbedodo. Azɔ la, eku be wòazu fexexe ɖe ame siwo wɔ nu vɔ̃ le nubabla xoxoa te la ta.
Le susu sia tae Kristo nye nubabla yeye la ƒe avuléla be ame siwo woyɔ la naxɔ domenyinyi mavɔ la ƒe ŋugbedodo. Azɔ la, eku be wòazu fexexe ɖe ame siwo wɔ nu vɔ̃ le nubabla xoxoa te la ta.
Ke nunɔladɔ si wode asi na Yesu la kɔ sãa wu wo tɔ, eye abe ale si nubabla si ƒe avuléla wònye la kɔ wu xoxotɔ sãa ene la, nenema kee woɖoe anyi ɖe ŋugbedodo siwo nyo wu tsãtɔwo la dzi.
Ŋutifafa ƒe Mawu la ame si to nubabla mavɔ ƒe ʋu la me kplɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Alẽkplɔlagã la do goe tso ame kukuwo dome la natsɔ nu nyui sia nu nyui akpe ɖe mia ŋuti le eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ta, eye wòawɔ nu si dze eŋu la le mía me to Yesu Kristo dzi, ame si ko tɔ anye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.
Mawue nye ame si na míedze be míanye Nubabla Yeye la ƒe gbeƒãɖelawo. Nubabla Yeye sia to vovo sãa tso xoxoa si nye se siwo woŋlɔ la gbɔ. Ke yeyetɔ nye be míasubɔ Mawu le Gbɔgbɔ me elabena Gbɔgbɔ lae gbɔa agbe ame, ke seawo ɖeɖe ko dzi wɔwɔ kplɔa ame yia ku me.
Nu siawo nye lododo ko, elabena nyɔnu eveawo sɔ kple nubabla eve. Nubabla ɖeka la, woxɔe le Sinai to dzi, eye eyae dzi ɖevi siwo nye kluviwo. Esia nye Hagar. Eya ta Hagar nye Sinai to si le Arabia, eye wòsɔ kple egbegbe Yerusalem du, elabena eya kple viawo le kluvinyenye me. Ke Yerusalem si le dziƒo la vo, menye kluvi o, eye eyae nye mía dada.
Fidelidade da aliança
A aliança de Deus é eterna. Ele não quebra seu pacto nem altera o que saiu dos seus lábios.
Gake tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ li
kple ame siwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi
kple wo viwo ƒe viwo
kpakple ame siwo léa eƒe nubabla me ɖe asi,
eye woɖoa ŋku edzi wɔna ɖe eƒe sewo dzi.
Yehowa be, "Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wo. Nye Gbɔgbɔ si le dziwò, nye nya siwo metsɔ de nuwò la madzo le nuwò alo le viwòwo ƒe nu alo le wò dzidzimeviwo ƒe nu tso azɔ dzi yi ɖe mavɔ me o," Yehowae gblɔe.
" ‘Mabla ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye maɖe lã wɔadãwo ɖa le anyigba la dzi, ale be woanɔ gbegbe, eye woadɔ alɔ̃ le avewo me le dedinɔnɔ me.
Mègavɔ̃ o, elabena Yehowa adze ŋgɔ na wò, anɔ kpli wò, mada le eƒe nya dzi o, eye magblẽ wò ɖi hã o."
Aɖo kpe nu si wòbla kple ame geɖewo la dzi kɔsiɖa ɖeka. Le kɔsiɖa ɖeka la titina la, atɔ te vɔsawo kple nunanawo. Le gbedoxɔ la ƒe dzogoe ɖeka dzi la, ali ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ la ɖi va se ɖe esime woatrɔ nuwuwu si woɖo ɖi la akɔ ɖe edzi."
"Dziehefia akpɔ ŋusẽ ɖe edzi gake eƒe aʋafiawo dometɔ ɖeka akpɔ ŋusẽ wui gɔ̃ hã eye wòaɖu fia ɖe eya ŋutɔ ƒe fiaɖuƒe dzi kple ŋusẽ triakɔ. Le ƒe aɖewo megbe la, woanyi dzo. Dziehefia ƒe vinyɔnu ayi ɖe Anyiehefia gbɔ be yeado ka kplii gake ŋusẽ avɔ le esi eye fia la ŋutɔ kple eƒe ŋusẽ hã nu atso. Le ŋkeke mawo me la, woakplɔ fiavinyɔnu la, eŋumewo, fofoa kple eƒe dzoɖuxɔlɔ̃wo katã ade asi.
Anyigbemeʋakɔwo awɔ nu si adze wo ŋu, ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe wo ŋu o. Ava ɖo eƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Anyigba Nyui la dzi eye ŋusẽ anɔ esi be wòagblẽ nu. Adze agbagba be yeatsɔ yeƒe fiaɖuƒe la ƒe aʋakɔ la katã vɛ ahanyi dzo kple Dziehefia eye wòatsɔ via nyɔnu nɛ wòaɖe ale be wòate ŋu amu fiaɖuƒe la aƒu anyi gake eƒe tameɖoɖo sia madze edzi nɛ loo alo akpe ɖe eŋu o.
"Mebla nu kple nye ŋku be
megakpɔ ɖetugbi aɖeke ahiãdzetɔe o.
Nunya aɖe wò le nyɔnu ahasitɔ hã ƒe asi me
kple srɔ̃nyɔnu si da afɔ la ƒe amenubeble me
ame si gblẽ eƒe ɖetugbimesrɔ̃ ɖi
eye mewɔ ɖe nu si wòbla kplii
le Mawu ŋkume la dzi o