Publicidade

Gênesis 17

Mawu trɔ ŋkɔ na Abram

1 Esi Abram ƒe blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ la, Yehowa ɖe eɖokui fiae gblɔ be, "Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la. Ɖo tom, eye nànɔ agbe abe ale si dze ene. 2 Maɖo kpe nubabla si le nye kpli dome la dzi, eye miadzi ɖe edzi fũu."

3 Abram tsyɔ mo anyi, eye Mawu gblɔ be, 4 "Nye la, esiae nye nye nubabla kpli : ànye dukɔ geɖewo fofo."

5 Mawu yi edzi be, "ŋkɔ maganye Abram o, ke boŋ ezu Abraham, elabena meɖo dukɔ geɖewo fofoe. 6 Mana dzidzimevi akpe akpewo , eye woazu dukɔ geɖewo! Fiawo anɔ dzidzimeviwo dome!

7 "Mana nye nubabla nazu nubabla mavɔ le nye kpli kple dzidzimeviwo dome hena dzidzime siwo gbɔna la, be manye Mawu kple Mawu na dzidzimeviwo. 8 Kanaanyigba blibo la, afi si nèle fifia abe amedzro ene la, matsɔe na wòanye tɔwò kple dzidzimeviwo tegbetegbe, eye manye woƒe Mawu."

Aʋatsotso ƒe nubabla

9 Eye Mawu gblɔ na Abraham be, "Ele na be nàlé nye nubabla me ɖe asi, kple dzidzimeviwo le dzidzime siwo ava la me. 10 Esia nye nye nubabla kpli kple dzidzimeviwo, nubabla si mialé be na le mia dome lae nye be: Woatso aʋa na ŋutsu sia ŋutsu le mia dome. 11 Woaɖe miaƒe aʋanuyiwo ɖa. Esia anye dzesi be kple dzidzimeviwo siaa miexɔ nubabla sia. 12 Woatso aʋa na ŋutsuvi ɖe sia ɖe le gbe si gbe wodzii la ƒe ŋkeke enyia gbe. Woatso aʋa na kluvi siwo nèƒle kple ga alo wo ƒe viwo kple ŋutɔ dzidzimeviwo siaa. Esia nye nubabla ƒe akpa si anɔ anyi tegbee, eye wòanye dɔdeasi na dzidzimeviwo katã. 13 Ele be woatso aʋa na ame sia ame. Ele be woato sia nu ade dzesi miaƒe ŋutilã be mianye gomekpɔlawo le nye nubabla mavɔ la me. 14 Woaɖe ame sia ame si metso aʋa o la ɖa le eƒe ƒometɔwo dome, elabena mewɔ nye nubabla la dzi o."

Mawu trɔ ŋkɔ na Sarai

15 Mawu yi edzi gblɔ na Abraham be, "Womagayɔ srɔ̃be Sarai o, ke boŋ woayɔe azɔ be, Sarasi gɔmee nye Fiavinyɔnu.16 Mayrae, eye mana wòadzi ŋutsuvi na ! Ɛ̃, makɔ yayra geɖe ɖe edzi, eye mana wòazu dukɔ geɖewo dada! Fia geɖewo anɔ miaƒe dzidzimeviwo dome."

17 Esi Abraham se nya siawo la, etsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume. Eko nu le eɖokui me le dzimaxɔse ta, hebia eɖokui be, "Ɖe nye ame si ƒe alafa ɖeka la, magate ŋu azu fofo, eye Sara ame si ƒe blaasiekɛ la agate ŋu adzi via?"

18 Abraham gblɔ na Mawu be, "Meɖe kuku, yra Ismael nam ko!"

19 Mawu ɖo eŋu be, "Ao, menye nenemae megblɔ o. Sara adzi ŋutsuvi na , eye miana ŋkɔe be, Isak si gɔmee nye Nukoko.Mabla nu kple eya kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe. 20 Melɔ̃ be mayra Ismael abe ale si nèbiae ene. Mana wòadzi asɔ gbɔ, eye wòazu dukɔ aɖe. Fiavi ŋutsuvi wuieve anɔ eƒe dzidzimeviwo dome. 21 Ke nye nubabla le nye kple Isak dome, ame si Sara adzi na le ƒe si gbɔna la ƒe ɣe aleawo ɣi."

22 Ale Abraham kple Mawu ƒe dzeɖoɖo wu enu, eye Mawu dzo. 23 Gbe ma gbe ke la, Abraham tso aʋa na via, Ismael kple ŋutsuvi bubu ɖe sia ɖe si wodzi ɖe eƒe aƒe me alo ƒle kple ga va eƒe aƒe me abe ale si Mawu ɖo ene.

Wotso aʋa na Abraham

24 Le ɣe ma ɣi me la, Abraham ƒe blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ hafi wotso aʋa , 25 eye Via ŋutsuvi, Ismael, ƒe wuietɔ̃ hafi wotso aʋa . 26 Wotso aʋa na Abraham kple Via ŋutsuvi, Ismael, le ŋkeke ɖeka ma dzi. 27 Eye wotso aʋa na ŋutsu ɖe sia ɖe le Abraham ƒe aƒe me, ame si wodzi le eƒe aƒe me kple kluvi si woƒle le amedzro aɖe si siaa.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-