Publicidade

Alma

Por Bíblia Online

A alma é a parte mais íntima do ser humano — sede da vida, dos afetos e do encontro com Deus. A Bíblia convida a cuidar da alma com zelo e a aquietá-la diante do Senhor.

A alma diante de Deus

Bendize ao Senhor, ó minha alma! A alma suspira por Deus como a corça suspira pelas águas — com sede de eternidade.

O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa;

nu siwo katã le menye la,

mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.

O! Mawu, wòe nye nye Mawu,

mele diwòm vevie;

tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe ŋuwò,

nye ameti blibo la mele diwòm,

le kuɖiɖinyigba si ƒu kplakplakpla,

eye tsi aɖeke meli o la dzi.

O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo?

Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo?

Tsɔ mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi,

elabena magakafui,

eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.

Mawu me ko nye luʋɔ kpɔ gbɔɖeme le,

eye eya ko gbɔ nye xɔxɔ tsona.

Mele Yehowa ƒe asinu kpɔm,

nye luʋɔ le lalam,

eye metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe nya dzi.

Nye nuyiwo ado dzidzɔɣli,

ne mele kafukafuhawo dzim na ,

nye ame si nèɖe.

Yehowa ƒe se la de blibo,

enaa agbegbɔgbɔ luʋɔ!

Yehowa ƒe ɖoɖowo le eteƒe,

eye wonana bometsilawo dzea nunya.

Elabena wòe nye ememe ke;

eye nèlém ƒo ƒu ɖe danye ƒe me.

Mekafu , elabena èwɔm ŋɔdzitɔe kple nukutɔe.

dɔwɔwɔwo nye nukunu,

menya esia nyuie.

O! Yehowa, ɖem,

tso aʋatsonuyiwo kple alakpaɖewo ƒe asi me.

Cuidar da alma

Que aproveita ao homem ganhar o mundo inteiro e perder a sua alma? Buscar a Deus de toda alma é o caminho da vida.

Viɖe ka wòanye na mi nenye be xexea me katã zu mia , gake agbe mavɔ la bu ɖe mi? Nu kae le xexe sia me si asɔ kple agbe mavɔ?

Yesu ɖo eŋu be, "̃ Aƒetɔ Mawu la kple dzi blibo, luʋɔ blibo kple susu katã.

"Migavɔ̃ na ame siwo ate ŋu awu miaƒe ŋutilã, ke womate ŋu awu miaƒe gbɔgbɔ o la gbeɖe o! Mivɔ̃ Mawu ɖeka ̃ɔ, ame si si ŋusẽ le be wòawu ŋutilã kple gbɔgbɔ la siaa le dzomavɔ me.

"Ke miagade asi Yehowa, miaƒe Mawu la didi me. Miakpɔe ne miedii kple miaƒe dzi kple luʋɔ blibo.

Mikpɔ egbɔ be mieyi se siwo Mose de na mi la wɔwɔ dzi, milɔ̃ Yehowa, eye mizɔ ɖe ɖoɖo siwo wòwɔ ɖe miaƒe agbenɔnɔ ŋu la nu. Milé ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu, eye miasubɔe kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo."

"Esusɔ vie ko maku. Mia dometɔ ɖe sia ɖe nya nyuie le eƒe dzi me be Yehowa miaƒe Mawu na nu nyui siwo katã ŋugbe wòdo la mi, ɖeke meda le edzi o.

Miadim eye miakpɔm; ne miedim kple miaƒe dzi blibo ko.

Ale Yehowa gblɔe nye esi:

"Mitsi tsitre ɖe mɔdogoeƒewo

ne miaɖo ŋku anyi akpɔ nu.

Mibia blemamɔwo ta se,

mibia afi si nyuitɔ le ne miazɔ edzi,

eye miaƒe luʋɔwo akpɔ gbɔɖeme.

Gake miegblɔ be, Miazɔ le edzi o.

Nya nyuiwo nye anyitsito,

enana luʋɔ sea vivi, eye wòhea dɔyɔyɔ na ƒuwo.

̃nye lɔlɔ̃a, medo gbe ɖa be nànɔ lãmesesẽ me, eye nu sia nu nadze edzi na nyuie abe ale si luʋɔ ̃ le dedie ene.

Seja o primeiro
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-