Publicidade

Arca da aliança

Por Bíblia Online

A Arca da Aliança era o símbolo mais sagrado de Israel — representava a presença de Deus no meio do seu povo. Sobre ela brilhava a glória do Senhor entre os querubins.

Nubablaɖaka la

"Tsɔ akasiati nàkpa aɖaka wòadidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, wòakeke sentimita blaade-vɔ-ade, eye wòakɔ sentimita blaade-vɔ-ade. Fa sika nyuitɔ ɖe eme kple egodo siaa, eye nàtsɔ sika nyuitɔ ke amli ɖe aɖaka la togawo kpe ɖo. sikagagɔdɔ̃e ene siwo anɔ abe asigɛ ene, eye nàklã wo ɖe dzogoe ene siwo le ete la ŋu; sikagagɔ̃̃e eve nanɔ aɖaka la ƒe axa ɖe sia ɖe. Tsɔ akasiati kpa kpo didiwo, eye nàfa sika nyuitɔ ɖe wo ŋu. Tsɔ wo ƒo ɖe asigɛ eve siwo le aɖaka la ƒe axa ɖeka dzi la me hena aɖaka la tsɔtsɔ. Womaɖe ati siawo le sikasigɛawo me o, ke boŋ woanɔ wo me ɖaa. Ekema nàtsɔ nubabla si matsɔ na la ade aɖaka la me. Tsɔ sika nyuitɔ nublanuikpɔkpɔzikpui si adidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, eye wòakeke sentimita blaadre-vɔ-ade. Tsɔ sika kerubi eve, eye nàklã wo ɖe nutunu la ƒe didime ƒe nuwo. kerubi ɖeka kple amenuvevezikpui la, eye ɖeka anɔ nutunu la ƒe didime ƒe nu ɖeka. Kerubiawo adze ŋgɔ wo nɔewo, eye woanɔ amenuvevezikpui la gbɔ kpɔm. Woakeke woƒe aʋalãwo ɖe sikanutunu la dzi. Tsɔ nutunu la tu aɖaka la nu, eye nàtsɔ kpe siwo dzi woŋlɔ seawo ɖo siwo matsɔ na la de aɖaka la me.

Mado go le afi ma, aƒo nu kpli le amenuvevezikpui la tame, le kerubi eve siwo le nubablaɖaka tame la dome, eye matsɔ nubablakpe siwo dzi meŋlɔ nye sededewo na Israelviwo ɖo la na .

Nubablaɖaka la

Le esia megbe la, Bezalel tsɔ akasiati nubablaɖaka la. Edidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, ekeke sentimita blaade-vɔ-ade, eye wòkɔ sentimita blaade-vɔ-ade.

Agbadɔ la tutu kple eŋutikɔkɔ

Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, "Tu agbadɔ la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi. Tsɔ nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la de eme, eye nàtsi xɔmetsovɔ la ale be wòaɣla nubablaɖaka la ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la.

Etsɔ kpe siwo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la da ɖe nubablaɖaka la me, etsi aɖakatsɔtiawo ɖe eŋu, eye wòtsɔ sikanutunu, amenuveveteƒe la tu enu. Emegbe la, ekɔ nubablaɖaka la va agbadɔ la me, eye wòtsɔ xɔmetsovɔ la xe eŋkume abe ale si Yehowa ɖo pɛpɛpɛ la ene.

Esi Mose yi agbadɔ la me be yeaƒo nu kple Mawu la, ese Gbe la wònɔ nu ƒom tso teƒe si le nubablaɖaka la ƒe amenuvevezikpui la tame le Kerubi eveawo tame.

Wozɔ ŋkeke etɔ̃ tso Sinai to, Yehowa ƒe to la gbɔ. Nubablaɖaka la le wo ŋgɔ be yeatia teƒe si woatɔ ɖo la na wo. Wodze le ŋkeke me. Yehowa ƒe lilikpo la zɔzɔm le ŋgɔ na wo.

Ne wokɔ nubablaɖaka la dze la, Mose doa ɣli be,

"O! Yehowa, tsi tsitre, eye nàka futɔwo hlẽ.

Na woasi le ŋgɔwò."

Ne wodro nubablaɖaka la ɖi la, egblɔna be,

"Yehowa, trɔ gbɔ va

Israelvi akpe akpeawo gbɔ."

Aron ƒe atikplɔ ƒo se

Emegbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, "Gblɔ na Israelviwo be, Ele be toawo ƒe kplɔla ɖe sia ɖe natsɔ atikplɔ si dzi wòŋlɔ eƒe ŋkɔ ɖo la na . Ele be Aron ƒe ŋkɔ nanɔ Levi ƒe viwo ƒe to la dzi. Tsɔ atikplɔ siawo da ɖe agbadɔ la ƒe emetɔ me, afi si medoa go le, le nubablaɖaka la ŋgɔ. Mawɔ atikplɔ siawo ŋu be made dzesi ame si metia, elabena amea ƒe atikplɔ azu ati gbagbe, eye wòadze! Ekema Israelviwo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ ɖe mia ŋu nu atso!’ "

Ale Mose gblɔ nya la na Israelviwo. Kplɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe, ame siwo dome Aron la, tsɔ atikplɔ ɖeka . Mose tsɔ atikplɔawo da ɖe Yehowa ŋkume le agbadɔ la ƒe emetɔ me.

Esi ŋu ke wòyi la, ekpɔ be Aron ƒe atikplɔ si nye Levi ƒe to la la dze, eye seƒoƒowo de asi keke me le eŋu! Esi Mose atikplɔawo tso Yehowa ƒe ŋkume do goe va fia Israelviwo la, wotsi yaa kple dzimaxɔse! Ame sia ame eƒe atikplɔ negbe Aron ko.

Yehowa gblɔ na Mose be wòatsɔ Aron ƒe atikplɔ la ada ɖe nubablaɖaka la xa, wòanɔ afi ma tegbetegbe be wòaɖo ŋku aglãdzedze sia dzi na ameawo. Ne ame aɖe galĩ liʋĩliʋĩ tso Aron ƒe nɔƒe ŋu la, ekema ele be Mose nahe atikplɔ la do goe, atsɔ afia ameawo. Nu sia ana be dzɔgbevɔ̃e bubu magava ameawo dzi o. Ale Mose nu siwo Yehowa ɖo .

Ale esi ameawo do le asaɖa la me yina be woatso Yɔdan tɔsisia la, nunɔla siwo nubablaɖaka la dze ŋgɔ na wo. Azɔ Yɔdan tɔsisi la ɖɔ, gbagba le nuŋeɣi katã, gake esi nunɔla siwo nubablaɖaka la ɖo Yɔdan tɔsisi la nu, eye woƒe afɔ ka tɔsisi la to teti ko la, dzigbetsi la dzudzɔ sisi, eye wòzu gli le adzɔge na wo le du aɖe si woyɔna be Adam la gbɔ le Zaretan lɔƒo. Ke tsi si sisim yina ɖe anyigbeme la si yi ɖe Araba alo Dzeƒu la me. Ale tsi la ƒe sisi keŋkeŋ, eye ameawo tso tɔsisi la ɖi go ɖe Yeriko kasa. Nunɔla siwo Yehowa ƒe nubablaɖaka la ɖe anyigba ƒuƒui dzi le Yɔdan tɔsisi la titina, ale Israelviwo katã tso eme va se ɖe esime dukɔ blibo la tso tɔsisi la le anyigba ƒuƒu dzi.

eye esi nunɔlawo ɖo afɔ tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi ko la, tɔsisi la gade asi sisi me, eye wògagbagba ɖe eƒe gowo dzi abe tsã ene.

Israelviwo Yeriko

Wotu Yeriko ƒe agbowo goŋgoŋgoŋ le vɔvɔ̃ na Israelviwo ta, eye womeɖe na ame aɖeke be wòado go alo age ɖe eme o.

Yehowa gblɔ na Yosua be, "Mieɖu Yerikotɔwo kple woƒe fia kple woƒe aʋawɔla sesẽwo katã dzi xoxo, elabena metsɔ wo de asi na mi! Nu si miawɔe nye, kple aʋawɔlawo katã miazɔ aƒo xlã Yeriko du la zi ɖeka gbe sia gbe hena ŋkeke ade. Na nunɔla adre ɖe sia ɖe natsɔ lãdzokpẽwo ɖe asi, eye woadze ŋgɔ na nubablaɖaka la. Le ŋkeke adrelia gbe la, kple aʋawɔlawo katã miazɔ aƒo xlã du la zi adre le esime nunɔlaawo anɔ kpẽawo kum. Ne nunɔlaawo ku kpẽawo zi ɖeka sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe la, ameawo katã nado ɣli sesĩe. Dua ƒe gliwo amu adze anyi ekema miato teƒe sia teƒe age ɖe dua me."

Yosua, Nun ƒe vi, nunɔlaawo hegblɔ na wo be, "Mikɔ nubablaɖaka la; mia dometɔ adre nakɔ woƒe kpẽwo, eye miadze Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ." Ale wòɖe gbe na ameawo be, "Mizɔ yi ŋgɔ! Mizɔ ƒo xlã du la. Ame siwo aʋawɔnuwo ɖe asi la nedze ŋgɔ na Yehowa ƒe nubablaɖaka la."

Esi ameawo se kpẽawo ƒe ɖiɖi sesĩe la, wodo ɣli sesĩe abe ale si woate ŋui ene. Tete Yeriko ƒe gliwo mu dze anyi, eye wokaka le wo ŋkume. Israelviwo ge ɖe du la me bibibi to afi sia afi, eye woxɔ du la.

Filistitɔwo ɖu Israelviwo dzi; wowu Israelvi akpe ene. Esi aʋa la ke la, Israelviwo trɔ yi woƒe asaɖa me eye woƒe kplɔlawo de ŋugble tso nu si ta Yehowa na Filisitɔwo ɖu wo dzi la ŋu. Wogblɔ be, "Mina míatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Silo ava afi sia. Ne míetsɔe yi aʋagbedzi kpli la, Yehowa anɔ mía dome eye wòaɖe tso míaƒe futɔwo si me kokoko."

Ale wona woyi ɖatsɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nubablaɖaka , Yehowa anyi ɖe nubablaɖaka sia ƒe Kerubiwo tame. Hofni kple Finehas, Eli viŋutsu eveawo, kplɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo yi aʋagbedzi.

Esi Israelviwo kpɔ be wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la gbɔnae la, woƒe dzidzɔɣli de dzi bobobo ale gbegbe be ena anyigba ʋuʋu kloe! Filistitɔwo bia be, "Nya kae le dzɔdzɔm? Nu ka ɣlie le ɖiɖim bobobo nenema le Hebritɔwo ƒe asaɖa me?"

Esi wogblɔ na wo be Yehowa ƒe nubablaɖaka lae va ɖo tae la, dzidzi ƒo wo. Wodo ɣli be, "Mawu va ɖo woƒe asaɖa me, babaa na elabena míedo go nu sia tɔgbi kpɔ o! Ame kae ate ŋu aɖe tso Mawu ŋusẽtɔ si me? Mawu siawo kee tsrɔ̃ Egiptetɔwo kple ̃wo esime Israel gbedzi. Oo, Filistitɔwo, miwɔ aʋa kple ŋusẽ abe ale si miewɔ kpɔ o ene, ne menye nenema o la, míazu woƒe kluviwo abe ale si wonye míaƒe kluviwo egbe ene."

Ale Filistitɔwo aʋa kple ŋusẽ eye wogaɖu Israelviwo dzi. Wowu Israelvi akpe blaetɔ̃ gbe ma gbe eye agbetsiawo si yi woƒe agbadɔwo me. Filistitɔwo Mawu ƒe nubablaɖaka la eye wowu Hofni kple Finehas gbe ma gbe.

Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la me tɔwo dzi, ehe gbegblẽ va wo dzii eye wòna ƒoƒoe ̃ te wo. Esi ameawo dze si nu si de asi dzɔdzɔ ɖe wo dzi la, wodo ɣli be, "Míagate ŋu ana Israel ƒe Mawu ƒe nubablaɖaka la naganɔ afi sia o, elabena eƒe asi sẽ ɖe míawo ŋutɔ kple míaƒe mawu Dagon siaa dzi." Ale woyɔ takpekpe na Filistitɔwo ƒe dziɖulawo katã, eye wobia wo be, "Nu ka míawɔ kple Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka?"

Woɖo eŋu be, "Mitsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka yi ɖada ɖe Gat." Ale woɖe Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ɖa.

Ke esi wotsɔe yi afi mae ko la Yehowa ƒe asi va Gat du la dzi, eye ŋɔdzi kple dzodzonyanya ameawo. Eƒo dua me nɔlawo, ɖeviawo kple tsitsiawo siaa kple ƒoƒoe. Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo ta Ekron.

Ke esi Ekrontɔwo kpɔe wògbɔna wo gbɔ ko la, wodo ɣli be, "Wotsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la gbɔna afi sia be wòawu kple míaƒe amewo." Ale wogayɔ du atɔ̃awo kplɔlawo ƒo ƒui eye woɖe kuku na wo be woaɖo Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖe eƒe dukɔ Israel ale be dua me tɔwo katã mava ku o. la de asi amewo léle me ale vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame le dua me.

Wotrɔ nubablaɖaka la na Israelviwo

Yehowa ƒe nubablaɖaka la Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ɣleti adre. Filistitɔwo woƒe nunɔlawo kple afakalawo ƒo ƒui eye wobia wo be, "Nu ka tututu míawɔ tso Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋu? Nunana ka ƒomevi míatsɔ akpe ɖe eŋu ne míegbugbɔe yi Israelviwo ƒe anyigba dzi?"

Woɖo eŋu be, "Ne miebe yewoatrɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ayi la, migaɖoe ɖa asi ƒuƒlui o, ke boŋ godoo la, mitsɔ fɔɖivɔsa kpe ɖe eŋuti. Ekema miakpɔ dɔyɔyɔ eye miakpɔe ɖa be eƒe asi madzo le mia dzi o mahã?"

Ale wowɔ nu si wogblɔ na wo. Wotsi nyinɔ eve ɖe tasiaɖam la ŋu eye wotu wo viwo ɖe kpo me. Wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple aɖaka si me sikafiwo kple sikaƒoƒoeawo la da ɖe tasiaɖam la dzi. Enumake nyinɔawo dze tẽe ɖo ta Bet Semes henɔ xɔxlɔ̃m sesĩe le mɔa dzi, womedze ɖe ɖusime alo miame o. Filistitɔwo ƒe amegãwo dze wo yome va se ɖe Bet Semes ƒe liƒo dzi.

Bet Semestɔwo lu xam le balime le ɣe ma ɣi eye esi wofɔ mo dzi kpɔ nubablaɖaka la, wogli kple dzidzɔ! Keke la ge ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yosua, ame si tso Bet Semes la ƒe agble me eye wòtɔ ɖe agakpe aɖe gbɔ. Ameawo fli tasiaɖam la ƒe atiwo hedo dzo eye wowu nyiawo hesa numevɔ na Yehowa. Ame aɖewo tso Levi ƒe to la me ɖe nubablaɖaka la kple aɖaka si me sikalegeliawo kple sikaƒoƒoeawo la le keke la dzi eye woda wo ɖe agakpe la dzi. Bet Semestɔwo sa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, gbe ma gbe.

Ale Kiriat Yearimtɔwo va tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la yi ɖada ɖe Abinadab ƒe aƒe si le to dzi la me. Wokɔ via, Eleazar, ŋuti be wòakpɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la dzi. Nubablaɖaka la Kiriat Yearim ƒe blaeve.

Samuel ɖu Filistitɔwo dzi le Mizpa

Israelviwo xa nu to ƒe siawo me elabena edze na wo abe ɖe Yehowa gblẽ wo ɖi ene.

Esi Fia David se nya sia be, "Yehowa yra Obed Edom ƒe aƒe kple nu siwo katã le esi le Mawu ƒe nubablaɖaka la ta" la, David yi ɖakɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la kple aseyetsotso. Ne ame siwo nubablaɖaka la ɖe afɔ zi ade la, wotɔna, lalana eye David tsɔa nyitsu ɖeka kple alẽvi dami ɖeka saa vɔe. David ɖu ɣe kple eƒe ŋusẽ katã le Yehowa ŋkume le esime wòdo awu ʋlaya si wotɔ kple aklala biɖibiɖi. Ale Israel Yehowa ƒe nubablaɖaka la va aƒee kple aseyetsotso kple kpẽkuku geɖe.

Wotsɔ nubablaɖaka la va gbedoxɔ la me

Azɔ la, Fia Solomo ƒo Israelviwo ƒe kplɔlawo, towo kple hlɔ̃wo ƒe tatɔwo katã nu ƒu ɖe Yerusalem be, woakpɔ ale si woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso agbadɔ la me le Zion, David ƒe du la me, ayi gbedoxɔ la me la teƒe. Tete Israel ŋutsuwo katã kpe ta ɖe Fia Solomo gbɔ le Agbadɔmeŋkekenyui la ɖuɣi le ɣleti adrelia me.

Esi Israelviwo ƒe ametsitsiawo katã va ɖo la, nunɔlawo tsɔ nubablaɖaka la. Wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple takpeƒe ƒe agbadɔ la kple nu kɔkɔe siwo katã le eme. Nunɔlawo kple Levitɔwoe tsɔ wo. Fia Solomo kple Israelviwo katã ƒo ƒu ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ eye wotsɔ alẽ kple nyitsu geɖe siwo womate ŋu axlẽ o la sa vɔe.

Le esia megbe la, nunɔlawo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe enɔƒe le gbedoxɔ la ƒe kɔkɔe ƒe emetɔ si nye Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me eye wokɔe da ɖe kerubiawo ƒe aʋalawo te. Wowɔ kerubiawo ale be woƒe aʋalawo tsyɔ teƒe si woada nubablaɖaka la ɖo la dzi. Ale woƒe aʋalawo tsyɔ nubablaɖaka la kple kpo siwo wowɔ ɖe wo ŋu la dzi. Kpoawo didi ale gbegbe be woƒe nugbɔwo didi gbɔ aɖaka la ŋu, woate ŋu akpɔ wo tso emetɔ, Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me, gake womate ŋu akpɔ wo le Kɔkɔeƒe la godo o. Wogale afi ma va se ɖe egbe. Naneke menɔ nubablaɖaka la me ɣe ma ɣi o, negbe kpe kpakpa eve siwo Mose tsɔ de wo me le Horeb to la dzi esime Yehowa bla nu kple Israelviwo le woƒe dzodzo le Egipte megbe la ko.

Kpɔ ɖa! Esi nunɔlaawo trɔ tso Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la gbɔna ko la, lilikpo keklẽ aɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me taŋtaŋ! Nunɔlaawo magate ŋu awɔ woƒe o, le lilikpo la ta elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe gbedoxɔ la me.

Yehowa be, "Mi xɔsemanɔsitɔwo, mitrɔ gbɔ, elabena nyee nye mia srɔ̃. Matia mi, ame ɖeka tso du ɖe sia ɖe me, ame eve tso to ɖe sia ɖe me ahaƒo ƒu mi ɖe Zion. Ekema mana kplɔlawo mi ɖe nye dzi ƒe didi nu, ame siwo akplɔ mi le nunya kple nugɔmesese me. Le ŋkeke mawo me, ne miedzi ɖe edzi fũu le anyigba dzi la, amewo magagblɔ azɔ be, Yehowa ƒe nubablaɖaka o. Mage ɖe woƒe susu me alo woaɖo ŋku edzi o; womagabia eta ase alo awɔ bubu o.Yehowae gblɔe.

Subɔsubɔ le anyigbadzigbadɔ la me

Azɔ la, nubabla gbãtɔ ɖo ɖoɖowo anyi na subɔsubɔ, eye wotu anyigba dzi kɔkɔeƒe . Wotu Agbadɔ; le Agbadɔ la ƒe gbãtɔ me la, akaɖiti, kplɔ̃ kple ŋkumeɖobolo anyi, eye woyɔ teƒe sia be Kɔkɔeƒe. Wotsɔ xɔmetsovɔ tso sia mee, eye woyɔ agbadɔ si le xɔmetsovɔa megbe la be, Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe. Nu siwo le sia mee nye Sikavɔsamlekpui kple aɖaka si woyɔna be nubablaɖaka. Wofa sika ɖe aɖaka sia ŋuti kpe ɖo. Le aɖaka sia me la, míakpɔ kpe eve siwo dzi woŋlɔ se ewoawo ɖo, eye sikazɔ si me mana le la le aɖaka la me hekpe ɖe Aron ƒe atikplɔ si ƒo se la ŋuti. Ŋutikɔkɔkɔe ƒe Kerubiwo nubablaɖaka la tame, eye wokeke woƒe aʋalawo ɖe teƒe si wotsɔa nu ̃ kena le. Ke míate ŋu adzro nya siawo me ayi edzi fifia o.

Emegbe la, woʋu Mawu ƒe gbedoxɔ le dziƒo, eye wokpɔ Mawu ƒe nubablaɖaka le eƒe gbedoxɔ me. Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge, anyigba ʋuʋu, eye kpetsi aɖe dza.

Seja o primeiro
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-