Publicidade

Êxodo 40

Agbadɔ la tutu kple eŋutikɔkɔ

1 Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, 2 "Tu agbadɔ la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi. 3 Tsɔ nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la de eme, eye nàtsi xɔmetsovɔ la ale be wòaɣla nubablaɖaka la ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la. 4 Emegbe la, kplɔ̃ la da ɖe eme, nàkɔ kplɔ̃a ŋutinuwo da ɖe kplɔ̃ la dzi, nàtsɔ akaɖiti la de eme, eye nàsi akaɖiawo.

5 "sikavɔsamlekpui si dzi woado dzudzɔ ɖo la da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ. Tsi xɔmemɔnuvɔawo ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu, 6 eye nàkɔ numevɔsamlekpui la da ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu. 7 tsileze la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome, eye nàku tsi ɖe eme. 8 Le esia megbe la, xɔxɔnu la ƒo xlã agbadɔ la godoo, eye nàtsi xɔmemɔnuvɔ la ɖe xɔxɔnu la ƒe mɔnu.

9 "Tsɔ ami sisi la, eye nàhlẽe ɖe agbadɔ la kple nu sia nu si le eme la ŋuti, ɖe nu siwo ŋu woawɔ kple agbadɔ la ƒe akpawo kple xɔmenuawo ŋuti be nàkɔ wo ŋuti, eye wo ŋuti nakɔ. 10 Hlẽ ami sisi la ɖe numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo ŋuti, eye nàkɔ wo ŋu; ekema vɔsamlekpui la ŋuti akɔ nyuie. 11 Si ami na tsileze la kple eƒe , eye nàwɔe kɔkɔe.

12 "Azɔ la, kplɔ Aron kple via ŋutsuwo va agbadɔ la ƒe mɔnu eye nàle tsi na wo. 13 Do awu kɔkɔewo na Aron eye nàsi ami , akɔ eŋu be wòasubɔm abe nunɔla ene. 14 Emegbe la, nàkplɔ via ŋutsuwo , nàdo woƒe awuwo na wo, 15 eye nàsi ami na wo abe ale si nàsii na wo fofo ene, ale be woasubɔm abe nunɔlawo ene. Ami sisi sia atsi wo ŋu tegbetegbe, tso mavɔ me yi mavɔ me: wo viwo katã kple wo viwo ƒe viwo azu nunɔlawo nam tegbetegbe."

16 Ale Mose de asi nu siwo katã Yehowa ɖo be wòawɔ la wɔwɔ me. 17 Le ƒe evelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wotu agbadɔ la. 18 Mose zɔwo de sɔtiawo te, eye wòklã ʋuƒowo ɖe sɔtiawo ŋu. 19 Ekeke avɔ la ɖe atixɔ la ŋu, eye wòda tamenuwo ɖe edzi abe ale si Yehowa ɖo pɛpɛpɛ la ene.

20 Etsɔ kpe siwo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la da ɖe nubablaɖaka la me, etsi aɖakatsɔtiawo ɖe eŋu, eye wòtsɔ sikanutunu, amenuveveteƒe la tu enu. 21 Emegbe la, ekɔ nubablaɖaka la va agbadɔ la me, eye wòtsɔ xɔmetsovɔ la xe eŋkume abe ale si Yehowa ɖo pɛpɛpɛ la ene.

22 Azɔ la, ekɔ Kplɔ̃ la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me le anyiehe lɔƒo, le xɔmetsovɔ la godo, 23 eye wòtsɔ ŋkumeɖobolo la da ɖe kplɔ̃ la dzi le Yehowa ŋkume abe ale si Yehowa ɖo ene.

24 Mose akaɖiti la da ɖe kplɔ̃ la kasa le agbadɔ la me le dziehe lɔƒo. 25 Esi akaɖiawo le Yehowa ŋkume le ɖoɖoawo nu, 26 eye wòkɔ sikavɔsamlekpui la da ɖe agbadɔ la me te ɖe xɔmetsovɔ la ŋu. 27 Etsɔ atike ʋeʋĩwo do dzudzɔ ɖe edzi abe ale si Yehowa ɖo ene.

28 Etsi xɔmemɔnuvɔ la ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu, 29 ekɔ numevɔsamlekpui la da ɖe gota te ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu ŋu, eye wòme numevɔsa kple nuɖuvɔsa le vɔsamlekpui la dzi abe ale si Yehowa ɖo pɛpɛpɛ la ene.

30 Emegbe la, ekɔ tsileze la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome. Eku tsi ɖe eme wòyɔ ale be nunɔlawo ate ŋu awɔ eŋu le asikɔklɔ kple afɔkɔklɔ me. 31 Mose kple Aron kple Aron ƒe viŋutsuwo klɔ woƒe asiwo kple afɔwo le afi sia. 32 Ɣe sia ɣi si woato vɔsamlekpui la ŋu be yewoage ɖe agbadɔ la me la, wotɔna, klɔa asi kple afɔ, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.

33 Azɔ la, Mose kpɔ ƒo xlã nɔƒe la kple vɔsamlekpui la, eye wòtsi xɔmemɔnuvɔ ɖe nɔƒe la ƒe mɔnu. Ale Mose wu eƒe la nu mlɔeba.

Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe agbadɔ la me

34 Tete lilikpo la tsyɔ Mawu ƒe agbadɔ la dzi eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe eme. 35 Mose mete ŋu ge ɖe eme o, elabena lilikpo la afi ma, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe agbadɔ la me fũu. 36 Ne lilikpo la ho, eye wòɖe la, Israelviwo yia mɔzɔzɔ la dzi, dzea eyome. 37 Ke ne lilikpo la la, woawo wotɔna va se ɖe esime lilikpo la gaɖe . 38 Yehowa ƒe lilikpo la tɔna ɖe agbadɔ la dzi le ŋkeke me. Ke le me la, dzo klẽna le lilikpo la me, ale be Israelviwo katã nate ŋu akpɔe. Nu sia yi edzi le woƒe mɔzɔzɔwo katã me.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-