O que é bom
O que é bom vem de Deus. A Bíblia celebra a bondade divina e nos convida a discernir, praticar e desfrutar tudo o que é bom — porque toda boa dádiva vem do Pai das luzes.
Mawu lé ŋku ɖe nu siwo katã wòwɔ la ŋu, eye wòkpɔe be wonyo ŋutɔ. Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke adelia.
Yehowa nyo, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe,
eya ta efiaa eƒe mɔ nu vɔ̃ wɔlawo.
Ke nye ya la, enyo be mate ɖe Mawu ŋu.
Aƒetɔ Yehowae mewɔ nye sitsoƒee,
maxlẽ wò nuwɔwɔwo katã afia.
Enyo be woakafu Yehowa,
eye woadzi ha na wò ŋkɔ, o Dziƒoʋĩtɔ,
ne woaɖe gbeƒã wò lɔlɔ̃ le ŋdi me
kple wò nuteƒewɔwɔ le fiẽ me,
ɖe ka ewo gakasaŋku
kple kasaŋku ƒe gbe vivi nu.
Elabena Yehowa nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa;
nenema kee eƒe nuteƒewɔwɔ hã nɔa anyi
tso dzidzime yi dzidzime.
Aleke wohenyo, eye wòvivinae,
ne nɔviwo nɔ teƒe ɖeka le ɖekawɔwɔ me!
Nusɔsrɔ̃ deto mele mia nam
eya ta migagbe nye nufiafia o.
Nyaŋuɖoɖo ɖe nunya me doa dzidzɔ na ame
eye aleke nya si wogblɔ le egblɔɣi la mehenyoe o?
Vinye, no anyitsi elabena enyo;
anyitsi tso anyito me avivi le wò nu me.
Nyae hã be, nunya avivi wò luʋɔ nu;
ne èke ɖe eŋu la,
mɔkpɔkpɔ li na wò hena etsɔ si gbɔna
eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.
Nunya nye domenyinu xɔasi
kple viɖe na ame siwo le agbe;
Yehowa ƒe dɔ me nyo na ame siwo tsɔ
woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi,
kple ame siwo dinɛ vevie.
Enyo be woalala le ɖoɖoezizi me
na Yehowa ƒe ɖeɖe.
O amegbetɔ, egblɔ nu si nyo la na wò.
Nu ka Yehowa di tso asiwò?
Be nàwɔ nu si le eteƒe, alɔ̃ nublanuikpɔkpɔ eye nàzɔ
kple wò Mawu la le ɖokuibɔbɔ me.
Eya ta se la le kɔkɔe, eye sedede la le kɔkɔe; ele dzɔdzɔe eye wònyo.
Migazɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o, ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me, ekema miate ŋu anya, eye miakpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu; eƒe lɔlɔ̃nu si nyo, eye wòdze hede blibo la.
Mègawɔ nu si ana amewo naɖe vodada na wò o, togbɔ be ènya be nu si yewɔ la nyo hafi hã.
Eya ta mele nu xlɔ̃m amewo be do ŋgɔ na nu sia nu la, woawɔ kukuɖeɖewo, gbedodoɖawo, nyaxɔɖeakɔwo kple akpedada ɖe amewo katã ta, ɖe fiawo kple dziɖulawo katã ta be míanɔ anyi le ŋutifafa kple agbe ƒe dziɖeɖi me le mawuvɔvɔ̃ kple kɔkɔenyenye siaa me. Esia nyo, eye wòdze Mawu mía Ɖela la ŋu.
Elabena nu sia nu si Mawu wɔ la nyo, eye miate ŋu aɖui kple dzidzɔ nenye be mieda akpe ɖe eta, eye miebia tso Mawu si be wòayrae, elabena Mawu ƒe nya kple gbedodoɖa awɔe kɔkɔe.
Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe la, dziƒo wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si vɔvɔli trɔna ene o.
Yesu wu eƒe nuƒo la nu be, "Dze nye nu vevi aɖe, gake nenye be dze bu eƒe vivi la, womagate ŋu atsɔe ade naneke o; meganyo na naneke o, migabu vivi si le mia me la o! Minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me."