Publicidade

Miquéias 6

Yehowa tsɔ nya ɖe Israel ŋu

1 Mise nya si gblɔm Yehowa le na eƒe dukɔ:

"Tsi tsitre, nàgblɔ nya siwo nètsɔ ɖe ŋutinye.

Towo kple togbɛwo nanye ɖasefowo

na nya siwo nètsɔ ɖe ŋutinye.

2 "Azɔ la, mi towo, miɖo to miase nya

siwo Yehowa tsɔ ɖe mia ŋuti.

Miɖo to, mi anyigba ƒe agunu mavɔwo,

elabena Yehowa tsɔ nya ɖe eƒe dukɔ ŋuti

eye wòtsɔ nya ɖe Israel ŋu.

3 "O, nye dukɔ, nu ka mewɔ ?

Fu ka meɖe na ?

Ɖo eŋu nam!

4 Elabena nyee kplɔ tso Egipte

eye meɖe tso kluvinyenye me.

Medɔ Mose, Aron kple Miriam be woakplɔ mi.

5 Nye dukɔ, ɖo ŋku aɖaŋu si Moab fia, Balak,

ɖo kple ale si Balaam, Beor ƒe vi la ɖo eŋu la dzi.

Ɖo ŋku mɔzɔzɔ tso Sitim yi Gilgal

la dzi, be nàdze si Yehowa ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo."

6 Nu ka matsɔ ɖe asi ado ɖe Yehowa gbɔ

eye made ta agu ɖe Mawu dziƒoʋĩtɔ la ŋkume?

Matsɔ nyivi si ƒe ɖeka la asa numevɔ nɛa?

7 Ɖe agbo akpewo kple amitɔsisi akpe akpewo adze Yehowa ŋua?

Ɖe matsɔ nye ŋgɔgbevi asa vɔe ɖe nye dzidadawo ta

kple nye dɔmevi ɖe nye luʋɔ ƒe nu ̃ ta mahã?

8 O amegbetɔ, egblɔ nu si nyo la na .

Nu ka Yehowa di tso asiwò?

Be nàwɔ nu si le eteƒe, alɔ̃ nublanuikpɔkpɔ eye nàzɔ

kple Mawu la le ɖokuibɔbɔ me.

Israel ƒe agɔdzedze kple tohehe

9 "Miɖo to! Yehowa le Yerusalem dua katã yɔm.

Ame si vɔa ŋkɔ la, nunyalae.

Miɖo to ameƒoti la kple Ame si dɔe ɖa.

10 O, aƒe ̃ɖi! Ɖe maŋlɔ kesinɔnu madzɔmadzɔ

kple nudotre sue si dzi fiƒode le la bea?

11 Ɖe matso afia na ame aɖe ne nudanu madzɔmadzɔ le esi

eye nudakpe amebatɔwo akplo me fũua?

12 Miaƒe kesinɔtɔwo fũu kple ŋutasẽse

eye miaƒe dukɔmeviwo daa alakpa

eye amebeble le aɖe dzi na wo.

13 Eya ta nye matsrɔ̃ ,

agbã gudugudu ɖe nu ̃wo ta.

14 Àɖu nu, ke màɖi ƒo o,

eye anɔ wuwòm ɖaa.

Àdzra nu gbogbowo ɖo, ke naneke masusɔ na o,

elabena ne ɖe susɔ ̃ la,

matsɔe ade asi na yi.

15 Àƒã nu, ke màŋe nu o;

àɖa ami, gake màkpɔ ami asi o;

àfia waintsetse, ke màkpɔ wain ano o.

16 Miewɔ nu ɖe Omri ƒe sewo nu

eye miewɔ Ahab ƒe aƒe la ƒe nuwɔnawo katã.

Miedze woƒe nuɖoanyiwo yome

eya ta matsɔ mi ade asi na gbegblẽ

eye amewo azu alɔmeɖenu;

ale dukɔwo ƒe vlododo ava dziwò."

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-