Pular para o conteúdo
Publicidade

Buscar a Deus

Por Bíblia Online

Buscar a Deus é o chamado mais urgente da Bíblia. Buscai primeiro o Reino de Deus. Os que buscam de todo coração encontram — porque Ele se deixa encontrar pelos que o procuram.

Buscai ao Senhor

Buscai ao Senhor enquanto se pode achar. Buscai e achareis. O Senhor recompensa os que o buscam com diligência.

Midi Yehowa zi ale si miate ŋu ake ɖe eŋu.

Miyɔe zi ale si wòtsɔ ɖe mia gbɔ.

Midi Yehowa zi ale si miate ŋu ake ɖe eŋu.

Miyɔe zi ale si wòtsɔ ɖe mia gbɔ.

Ʋɔnudɔdrɔ̃ kple ɖeɖekpɔkpɔ

"Meɖe ɖokuinye fia ame siwo mebia tanye se o,

eye ame siwo medim o la ke ɖe ŋunye.

Dukɔ si meyɔ nye ŋkɔ o la, megblɔ be,

Nyee nye esi, nyee nye esi.

Ena ŋusẽ ame siwo ŋu ɖeɖi te,

eye wòdoa ŋusẽ ame siwo gbɔdzɔ.

Nu tia na sɔhɛwo ̃ , eye wogbɔdzɔna.

Nenema ke ŋusẽ vɔna le ɖekakpuiwo ŋu,

eye wodzea anyi,

gake ame siwo kpɔa na Yehowa la

ƒe ŋusẽ gaɖoa yeye me.

Woadzo ayi dzi abe ̃wo ene.

Woaƒu du, gake ɖeɖi mate wo ŋu o.

Woazɔ azɔli, gake nu mati na wo o.

Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ,

Midi eƒe ŋkume ɖaa.

Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ,

Midi eƒe ŋkume ɖaa.

"Eye , vinye Solomo, dze si fofowòwo ƒe Mawu la eye nàsubɔe kple dzi faa kple susu blibo elabena Yehowa kpɔa dzi ɖe sia ɖe me eye wònyaa ame sia ame ƒe susu. Ne èdi Yehowa la, àkpɔe, ke ne ègbugbɔ le eyome la, atsɔ aƒu gbe tegbetegbe.

ekema ne nye dukɔ, ame siwo ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo abɔbɔ wo ɖokui, ado gbe ɖa, adi nye ŋkume eye woaɖe asi le woƒe ̃wo ŋu la, mase woƒe gbedodoɖa le dziƒo, matsɔ woƒe nu ̃wo ake wo eye mayɔ woƒe anyigba.

eye wòɖakpe Fia Asa esi wòtrɔ gbɔna tso aʋa. Azaria do ɣli be, "Asa, ɖo tom! Yuda kple Benyamin ƒe aʋakɔwo, miɖo to! Yehowa anɔ kpli mi ŋkeke ale si mianɔ eyome! Ɣe sia ɣi si miadii ko la, miakpɔe gake ne miegbugbɔ le eyome la, eya agbugbɔ le mia yome.

Tɔtrɔ yeye siwo Asa he va du la kple Mawusubɔsubɔ me

Mawu ƒe Gbɔgbɔ va Azaria, Obed ƒe vi dzi eye wòɖakpe Fia Asa esi wòtrɔ gbɔna tso aʋa. Azaria do ɣli be, "Asa, ɖo tom! Yuda kple Benyamin ƒe aʋakɔwo, miɖo to! Yehowa anɔ kpli mi ŋkeke ale si mianɔ eyome! Ɣe sia ɣi si miadii ko la, miakpɔe gake ne miegbugbɔ le eyome la, eya agbugbɔ le mia yome. Hena ɣeyiɣi didi aɖe le Israel la, nyateƒe Mawu la subɔsubɔ meganɔ anyi o eye nunɔla aɖeke meganɔ anyi afia nu ameawo o. Nenema ke se la meganɔ anyi o gake ɣe sia ɣi si wogatrɔ va Yehowa, Israel ƒe Mawu la gbɔ le woƒe fukpeɣiwo me eye wodii la, egakpena ɖe wo ŋu. Ŋutifafa aɖeke menɔ anyi esime wodze aglã ɖe Mawu ŋu o. Nuwo kpeke wo le go ɖe sia ɖe me eye nu ̃ wɔwɔ agbɔ sɔm ɖe edzi le afi sia afi. Aʋawɔwɔ edzi yim le woawo kple dukɔ bubuwo dome eye aʋawɔwɔ ganɔ Israel duwo ɖeɖe dome elabena Mawu fukpekpe ƒomevi vovovowo dam ɖe wo dzi. Ke mi Yuda ƒe viwo la, milé nyui si wɔm miele la me ɖe asi eye migana dzi naɖe le mia ƒo o elabena fetu li na mi."

Esi Fia Asa se nya sia tso Mawu gbɔ la, dzi ɖo eƒo eye wògbã legbawo katã le Yuda kple Benyamin kple du siwo wòxɔ le Efraim ƒe tonyigba dzi la me. Egbugbɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la tu ɖe gbedoxɔ la ŋgɔ.

Tete wòƒo Yuda kple Benyamin katã nu ƒu, nenema kee nye ame siwo tso Efraim, Manase kple Simeon ƒe towo me, ame siwo wo dome. Ameha aɖe do va egbɔ tso Israel esime wokpɔ be Yehowa, eƒe Mawu la li kplii. Wova ƒo ƒu ɖe Yerusalem le ɣleti etɔ̃lia me le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me. Le ɣe ma ɣi me la, wotsɔ nyi alafa adre (700), gbɔ̃ kple alẽ akpe adre (7,000) tso afunyinu siwo woha gbɔe la me, sa vɔe na Yehowa. Wobla nu be woadi Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la kple woƒe dzi blibo kpakple woƒe luʋɔ blibo. Woawu ame siwo katã medi Yehowa, Israel ƒe Mawu la o; eɖanye ɖevi alo ametsitsi o, ŋutsu alo nyɔnu o. Woka atam na Yehowa kple ɣlidodo sesĩe kple kpẽwo kple lãdzowo kuku. Yuda blibo la kpɔ dzidzɔ ɖe atam si woka la ta elabena woka atam la kple woƒe dzi blibo. Wodi Mawu vevie eye woke ɖe eŋu eya ta Yehowa na gbɔɖeme wo le goawo katã me.

Fia Asa ɖe mamaa Maaka ɖa be maganye fianyɔnu o elabena etu aƒeli si nye ŋunyɔnu. Asa ati la ƒu anyi, flii, hetɔ dzoe le Kidron bali la me. Togbɔ be megbã nuxeƒewo ɖa le Israel o la, Asa ƒe dzi Yehowa ŋu blibo le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Egbugbɔ klosalo kple sika kple ŋudɔwɔnu siwo ŋu eya kple fofoa la va Mawu ƒe gbedoxɔ la me. Ale aʋa aɖeke megadzɔ o va se ɖe Fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-atɔ̃lia me.

De todo o coração

Buscar-me-eis e me achareis quando me buscardes de todo o coração. O Senhor é bom para os que o buscam.

Miadim eye miakpɔm; ne miedim kple miaƒe dzi blibo ko.

Miadim eye miakpɔm; ne miedim kple miaƒe dzi blibo ko.

"Ɖe nye nya mele abe dzo ene kple zu si gbãa kpe sesẽ gudugudu la ene oa?" Yehowae gblɔ.

"Ke miagade asi Yehowa, miaƒe Mawu la didi me. Miakpɔe ne miedii kple miaƒe dzi kple luʋɔ blibo.

Woayra ame siwo léa eƒe ɖoɖowo me ɖe asi,

eye wodinɛ kple woƒe dzi blibo.

Woayra ame siwo léa eƒe ɖoɖowo me ɖe asi,

eye wodinɛ kple woƒe dzi blibo.

Madi kple nye dzi blibo,

eya ta mègana matra tso sewo gbɔ o.

Nuxaxa na nye luʋɔ gbɔdzɔ;

do ŋusẽm le nya la nu.

Mazɔ le ablɔɖe me,

elabena medi ɖoɖowo yomemɔ.

Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ,

midi eƒe ŋkume ɖaa.

Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ,

midi eƒe ŋkume ɖaa.

Nye dzi le gbɔgblɔm le ŋuwò be,

"Di eƒe ŋkume!"

Yehowa, ŋkumee madi.

O! Mawu, wòe nye nye Mawu,

mele diwòm vevie;

tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe ŋuwò,

nye ameti blibo la mele diwòm,

le kuɖiɖinyigba si ƒu kplakplakpla,

eye tsi aɖeke meli o la dzi.

Buscar e encontrar

Pedi e dar-se-vos-á. O Senhor está perto de todos os que o invocam em verdade. Quem o busca não ficará insatisfeito.

Mibia, midi nu, eye miƒo ʋɔa

"Mibia nu, eye woana mi; midi nu, eye miakpɔe; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi.

Alea tututue wònɔna le gbedodoɖa me. Mibia nu, eye woana mi; midi nu, eye miakpɔe; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi. Ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ, eya ta ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi.

Alea tututue wònɔna le gbedodoɖa me. Mibia nu, eye woana mi; midi nu, eye miakpɔe; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi.

Ke boŋ midi eƒe fiaɖuƒe la, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi."

Elabena Amegbetɔ Vi la va be yeadi ame siwo bu la eye yeaɖe wo."

Ame siwo nya ŋkɔ la aɖo dzi ɖe ŋuwò,

elabena Yehowa,

megble ame siwo dia la ɖi kpɔ o.

Ame siwo nya ŋkɔ la aɖo dzi ɖe ŋuwò,

elabena Yehowa,

megble ame siwo dia la ɖi kpɔ o.

Meyɔ Yehowa, eye wòtɔ nam heɖem tso nye vɔvɔ̃wo katã me.

awu dzatawo, eye woagbɔdzɔ,

gake ame siwo dia Yehowa ya la, kesinɔnu aɖeke mahiã wo o.

Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò ekema ana nu

siwo dzi di la .

Yehowa bi kpɔ amegbetɔviwo ɖa tso dziƒo,

be wòakpɔe ɖa be nugɔmesela aɖe le wo dome,

eye wòdia Mawu vevie mahã?

O! Yehowa, èdzro menye, eye nènyam.

Ènya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi,

eye nènya nye susuwo tso adzɔge ke.

Eya axɔ yayra tso Yehowa gbɔ, eye Mawu,

eƒe Ɖela la, atso afia .

O! Yakob ƒe Mawu,

aleae dzidzime si dia ,

eye wòdia ŋkuwòme la le. Sela

Força na busca

Buscai o bem e não o mal. Sede fortalecidos no Senhor. A busca por Deus traz renovação e plenitude de vida.

Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la be,

"Midim, ne mianɔ agbe.

Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la be,

"Midim, ne mianɔ agbe.

Midi nyui, miasi le ̃ nu ne mianɔ agbe!

Ekema Yehowa,

Mawu Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,

anye kpeɖeŋutɔ vavã na mi abe ale si

miawo ŋutɔ miegblɔ la ene.

Medoa gbe ɖa be tso eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu gbogboawo me la, wòana ŋusẽ tɔxɛ mi to eƒe Gbɔgbɔ la dzi,

Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la

Mlɔeba la, misẽ ŋu le Aƒetɔ la me kple Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ triakɔ si le mia me la.

Míele gbe dom ɖa be Mawu ƒe ŋusẽ nayɔ mia me fũu ale be nu ka kee adzɔ la, miate ŋu agbɔ dzi ɖi, anɔ te sesĩe, eye Aƒetɔ la ƒe dzidzɔ nayɔ mia me taŋtaŋ ɣe sia ɣi.

elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kple ɖokuidziɖuɖu ƒe gbɔgbɔ wòna mi.

Xɔse manɔmee la ame aɖeke mate ŋu adze Mawu ŋu o, elabena ame si va Mawu gbɔ la ele be wòaxɔe se be Mawu li eye wòɖoa eteƒe na ame siwo dinɛ vevie.

Xɔse manɔmee la ame aɖeke mate ŋu adze Mawu ŋu o, elabena ame si va Mawu gbɔ la ele be wòaxɔe se be Mawu li eye wòɖoa eteƒe na ame siwo dinɛ vevie.

Gake miaxɔ ŋusẽ ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem, Yudea kple Samaria nutomewo katã kple xexea me ƒe seƒe ke."

Yehowa naɖo nyui si nèwɔ la teƒe na . Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si gbɔ nèva le sitsoƒe dim le la naɖo eteƒe na ."

Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va edzi eye esi lãnu aɖeke menɔ esi o la, etsɔ asi ƒuƒlu fe dzata la ƒe glã bɔbɔe abe gbɔ̃vi aɖe ene! Ke Samson megblɔ nya aɖeke tso nu sia ŋuti na dzilawo o.

Samson do gbe ɖa na Aƒetɔ la hegblɔ be, "Oo, Yehowa, Aƒetɔ Mawu, gaɖo ŋku dzinye. Meɖe kuku, gado ŋusẽm zi ɖeka ko, ale be mate ŋu abia hlɔ̃ Filistitɔwo ɖe nye ŋku siwo wogbã la dometɔ ɖeka ko ta."

Enyo be woatsɔ Yehowa awɔ sitsoƒee

wu, be woaɖo ŋu ɖe amegbetɔ ŋu.

Enyo be woatsɔ Yehowa awɔ sitsoƒee wu, be

woaɖo ŋu ɖe dumegãwo ŋu.

Ame si si srɔ̃nyɔnu su la ke ɖe nu nyui ŋu

eye wòxɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ.

Nyae be, nunya avivi luʋɔ nu;

ne èke ɖe eŋu la,

mɔkpɔkpɔ li na hena etsɔ si gbɔna

eye mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.

Seja o primeiro