Pular para o conteúdo
Publicidade

Salmos 14

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1 Bometsila gblɔna le eƒe dzi me be,

"Mawu aɖeke meli o."

Wonye ame tovowo, eye woƒe nuwɔnawo nye ŋunyɔnu;

ame ɖeka ̃ɔ mele wo dome si wɔa nu nyui o.

2 Yehowa bi kpɔ amegbetɔviwo ɖa tso dziƒo,

be wòakpɔe ɖa be nugɔmesela aɖe le wo dome,

eye wòdia Mawu vevie mahã?

3 Wo katã wodze ɖe aga,

wo katã tim wogblẽ;

ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o,

ɖeka ̃ meli o.

4 Ɖe nu tovo wɔlawo,

ame siwo ɖua nye amewo abe abolo ene,

eye womeyɔa Yehowa o la manya esia oa?

5 Ŋɔdzi wo ale gbegbe,

elabena Mawu le ame dzɔdzɔewo ƒe hame.

6 Mi nu tovo wɔlawo,

miegblẽ ame dahewo ƒe ɖoɖowo me,

gake Yehowae nye woƒe sitsoƒe.

7 O! Xɔname ado tso Zion na Israel.

Ne Yehowa gaɖo eƒe amewo ƒe nunyonamewo te la,

na Yakob natso aseye, eye Israel nakpɔ dzidzɔ!

Veja também