Compreensão
A verdadeira compreensão vem de Deus. Os caminhos do Senhor são mais altos que os nossos. Mas Ele nos convida a buscar entendimento — e promete iluminar quem o busca de coração.
A sabedoria de Deus
Os meus pensamentos não são os vossos pensamentos. A incompreensibilidade de Deus nos leva à humildade e adoração.
"Abe ale si dziƒowo kɔ boo tso anyigba gbɔe ene la,
nenema kee nye mɔwo kɔ wu miaƒe mɔwo,
eye nye susuwo kɔ wu miaƒe susuwo.
"Baba na ame si le dzre wɔm kple eƒe Wɔla.
Ame si lé nɛ ko abe ze le ze bubuwo dome le anyigba ene.
Ɖe anyi abia zemela be,
‘Nu ka mem nèle mahã?’
Ɖe wò dɔ si wɔm nèle la,
abia be, ‘Asi mele asiwò oa?’
Ɖe mènyae oa? Ɖe mèsee oa?
Yehowae nye Mawu mavɔtɔ la.
Eyae nye anyigba ƒe seƒe ke Wɔla.
Ɖeɖi metea eŋu alo nu tia kɔ nɛ o.
Eƒe nugɔmesese goglo.
Ame aɖeke mate ŋu adzro eme akpɔ o.
Gãe nye Yehowa, eye eya koe dze na kafukafu,
elabena ame aɖeke mate ŋu anya
eƒe gãnyenye ƒe goglome o.
Hafi towo nava dzɔ,
alo hafi nàwɔ anyigba kple xexea me,
tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, wò koe nye Mawu.
Elabena ƒe akpewo le ŋkuwò me
le abe etsɔ ŋkeke si va yi la ene,
alo abe ŋudzɔɣi le zã me ene.
O, Mawu wɔnukɔ aɖe ŋutɔe le mía si.
Eƒe nunya kple kesinɔnuwo lolo loo!
Míate ŋu ase eƒe nyametsotsowo
kple ɖoɖowo me akpɔ o!
Buscar entendimento
Clama a mim e responder-te-ei. A sabedoria é a coisa principal — busque o entendimento com todo o coração.
‘Yɔm, eye matɔ na wò, magblɔ nu gã siwo mènya o, eye wo me dzodzro hã meli o la na wò!’
Nunya ƒo nuwo katã ta
eya ta dze nunya.
Togbɔ be wò nunɔamesiwo katã nàtsɔ aƒlee hã la,
di gɔmesese.
Sidzedze gã aɖe sua ŋutsu dzigbɔɖitɔ si,
ke ŋutsu si doa dziku kabakaba la,
ɖea eƒe bometsitsi fiana.
Nu geɖewo ame ɖo ɖe eƒe dzi me,
gake Yehowa ƒe ɖoɖo koe vaa eme.
Ŋutsu ƒe mɔwo katã dzea eŋu
gake Yehowae daa dziwo kpɔ.
Mebiaa míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu si nye ŋutikɔkɔe Fofo la be wòana Gbɔgbɔ la ƒe nunya kple ɖeɖefia mi be miaganyae ɖe edzi wu.
Ke mitsi le amenuveve kple sidzedze míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela Yesu Kristo me.
Eya ko tɔ anye ŋutikɔkɔe tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.
Iluminação divina
A entrada da tua Palavra dá luz e entendimento. Deus revela verdades ocultas e transforma nossa visão da realidade.
Kekeli vana ne woʋu go wò nyawo,
eye nugɔmesese sua ame gblɔewo gɔ̃ hã si.
Mafia nu wò, eye mafia mɔ si nàto la wò.
Maxlɔ̃ nu wò, eye makpɔ tawò.
Mawu ƒe mɔwo le manyamanya me na mí
abe ale si míenya ya ƒe toƒe o
kple ale si ame ƒe gbɔgbɔ gena ɖe vidzĩ
ƒe lãme le esime vidzĩ la le dadaa ƒe dɔme la o ene.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Vavã mele egblɔm na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o."
Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ be, "Esia mele bɔbɔe le amegbetɔwo gome o, ke naneke mesesẽna na Mawu ya o."
Yesu nɔ anyi, yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, "Ame si di be yeanye mi katã ƒe amegã la, ele nɛ be wòanye suetɔ kekeake gbã, ɛ̃, ele be wòanye mi katã ƒe subɔla!"
Azɔ la, Yudatɔ alo ame si menye Yudatɔ o la megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; ŋutsu alo nyɔnu megali o; elabena mi katã miele ɖeka le Kristo Yesu me. Ne mienye Kristo tɔ la, ekema mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo kple domenyilawo le ŋugbedodo la nu.
Mido nu sia nu kpɔ, eye milé ɖe nu si nyo la ŋu. Mitsri vɔ̃ ɖe sia ɖe tɔgbi.
Enye nyateƒe be míele ŋutilã me zɔm gake, míewɔa aʋa le ŋutilã nu o.
Susu sia ta míetsɔa míaƒe ŋkuwo dana ɖe nu siwo kpɔm míele fifia la dzi o, ke boŋ míetsɔa míaƒe ŋkuwo dana ɖe nu siwo míekpɔna o la dzi, elabena nu siwo wokpɔna la nu mesena yina o, ke nu siwo womekpɔna o la nɔa anyi tegbee.
Ne wote ame aɖe kpɔ la, megagblɔ be, "Mawu le teyem kpɔ o," elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖi ate Mawu kpɔ alo eya ŋutɔ hã nate ame aɖeke kpɔ o.