Confiabilidade
A confiabilidade de Deus é absoluta. Ele é fiel em todas as suas promessas, constante em seu amor e seguro em seu caráter. Podemos confiar nele completamente.
Deus é fiel
O Senhor é fiel em todas as suas palavras e bondoso em todos os seus atos. Grande é a sua fidelidade!
Le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto la ta wometsrɔ̃ mí o
elabena eƒe nublanuikpɔkpɔ mevɔna o.
Wozua yeye ŋdi sia ŋdi,
wò nuteƒewɔwɔ lolo ŋutɔ.
Yehowa tsɔ ɖe ame siwo yɔnɛ la gbɔ,
ame siwo katã yɔnɛ le nyateƒe me.
Yehowa ana eƒe ta me si wòɖo ɖe ŋunye la nava eme.
O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ li ɖaa,
mègagblẽ wò asinudɔwɔwɔwo ɖi o.
Gake tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ li
kple ame siwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi
kple wo viwo ƒe viwo
kpakple ame siwo léa eƒe nubabla me ɖe asi,
eye woɖoa ŋku edzi wɔna ɖe eƒe sewo dzi.
Ke Yehowa ƒe ŋku le ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu,
ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ dana ɖe
eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la dzi,
Elabena Yehowa lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔlawo,
eye magblẽ eƒe nuteƒewɔlawo ɖi o.
Akpɔ wo ta tegbee,
ke ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzimeviwo ya woatsrɔ̃ wo.
Aƒetɔ la, nuteƒewɔla wònye, eya ta ado ŋusẽ mi, eye wòakpɔ mia ta tso vɔ̃ɖitɔ ƒe fuwɔame ɖe sia ɖe me.
Miɖo ŋku edzi be susu vɔ̃ɖi siwo vaa miaƒe ta me edziedzi la, vaa ame sia ame ƒe ta me nenema ke, menye miawoe nye ame gbãtɔ siwo le nu siawo me tom o. Minya be ame geɖewo to eme va yi. Minyae hã be tetekpɔ aɖeke mesesẽ wu amegbetɔ ƒe tsɔtsɔ o. Miate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be ana ŋusẽ mi be miaɖu tetekpɔ dzi, elabena eya ŋutɔ do ŋugbe na mi, eye Mawu ya megbea eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Afia afɔɖoƒe mi be miate ŋu ato ɖe sia ɖe me le dzigbɔɖi blibo me.
Eya ta nyae bena Yehowa, wò Mawu la nye Mawu nuteƒewɔla. Ewɔa eƒe ŋugbedodowo dzi na dzidzime akpewo, eye wòtsɔa lɔlɔ̃ mavɔ lɔ̃a ame siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe seawo dzi.
Mègavɔ̃ o, elabena Yehowa adze ŋgɔ na wò, anɔ kpli wò, mada le eƒe nya dzi o, eye magblẽ wò ɖi hã o."
Caráter de Deus
Toda boa dádiva vem do alto. O Senhor é bom e sua misericórdia dura para sempre. Nele podemos descansar.
Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe la, dziƒo wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si vɔvɔli trɔna ene o.
Mida akpe na Yehowa elabena eƒe dɔme nyo
Eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
O! Aƒetɔ, ènyo, eye nètsɔna kena,
lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò na ame siwo katã yɔa wò.
Elabena etsɔa nu nyuiwo ɖia ƒoe na
ame siwo dɔ kple tsikɔ le wuwum.
Ke nye la, madzi wò ŋusẽ ƒe ha,
eye le ŋdi me la, madzi ha le wò lɔlɔ̃ ŋuti,
elabena wòe nye nye mɔ sesẽ,
kple nye sitsoƒe le xaxaɣiwo.
Tsɔ wò dzimaɖiwo da ɖe Yehowa dzi, eye akpɔ tawò,
elabena mana ame dzɔdzɔe la nadze anyi akpɔ gbeɖe o.
Mana wò afɔ naɖiɖi o,
eya ame si dzɔa ŋuwò la madɔ akɔlɔ̃e o.
Integridade e confiança
Eu sou o Alfa e o Ômega — Deus é o mesmo ontem, hoje e sempre. Fiel em o que realizou e realizará por cada filho.
"Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu, ame si nɔ anyi, eye wòli, eye wògale vava ge, ame si nye Ŋusẽkatãtɔ." Aƒetɔ Mawue gblɔe.
O, Yehowa, èle fia ɖum tegbee,
wò fiazikpui li ke tso dzidzime yi dzidzime.
O! Yehowa, wòe nye nye Mawu.
Mado wò ŋkɔ ɖe dzi, eye makafu wò,
elabena wò nuteƒewɔwɔ de blibo.
Èwɔ nu dzɔtsuwo,
nu siwo nèɖo ɖi tso blema ke.
Nu si ame dina lae nye lɔlɔ̃ si meʋãna o;
enyo be nànye ame dahe wu alakpatɔ.
Amenyagblɔla ʋua go nya ɣaɣla,
ke ame ɖɔʋu ɣlaa nya.
Ame dzɔdzɔewo ƒe ta me nyui ɖoɖo kplɔa wo,
ke nuteƒemawɔlawo la,
woƒe dzi me eve susu tsrɔ̃a wo.
"Eƒe Aƒetɔ kafui ŋutɔ le eƒe dɔ nyui si wòwɔ la ta. Egblɔ na dɔla la be, ‘Wò dɔla nyui, èwɔ nuteƒe ŋutɔ, eya ta tso azɔ dzi la, matsɔ dɔ geɖe ade wò dzikpɔkpɔ te. Va ne nàkpɔ dzidzɔ kplim!’
Va se ɖe fifi la, miebia naneke le nye ŋkɔ me kpɔ o. Mibia, eye miaxɔe, be miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.