Publicidade

Salmos 86

David ƒe gbedodoɖa.

1 Ɖo tom, O Yehowa, eye nàtɔ nam,

elabena meda ahe, eye hiã tum.

2 Kpɔ nye agbe ta,

elabena metsɔ ɖokuinye na .

Wòe nye nye Mawu,

eya ta ɖe dɔla si ɖo dzi ɖe ŋuwò.

3 O! Aƒetɔ, kpɔ nye nublanui,

elabena mele yɔwòm ŋkeke blibo la.

4 O! Aƒetɔ, tsɔ dzidzɔ na dɔla,

elabena wòe medo nye luʋɔ ɖe dzi na.

5 O! Aƒetɔ, ènyo, eye nètsɔna kena,

lɔlɔ̃ ɖe asiwò na ame siwo katã yɔa .

6 O! Yehowa, se nye gbedodoɖa,

eye nàlé to ɖe nye nublanuiɣli ŋu.

7 Le nye xaxagbe, mayɔ elabena àtɔ nam.

8 O! Aƒetɔ aɖeke megale mawuawo dome abe ene o;

nuwɔna aɖeke mesɔ kple tɔwò o.

9 O! Aƒetɔ, dukɔ siwo katã nèwɔ la ava asubɔ

le ŋkuwò me, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana ŋkɔ.

10 Elabena èlolo, eye nèwɔ nu dzɔatsuwo;

koe nye Mawu.

11 O! Yehowa, fia mɔm,

eye mazɔ le nyateƒe la me;

tsɔ dzi si to ɖeka la nam,

ale be mavɔ̃ ŋkɔ.

12 Makafu , O Aƒetɔ, nye Mawu,

kple nye dzi blibo.

Mado ŋkɔ ɖe dzi tegbee,

13 elabena lɔlɔ̃ nam lolo ŋutɔ,

eye nèɖem tso keke tsiẽƒe ʋĩi ke.

14 O! Mawu, dadalawo tso ɖe ŋunye,

ŋutasẽlawo ƒe ha ti nye agbe yome,

eye wonye ŋutsu siwo mebu ɖe naneke me o.

15 O! Aƒetɔ, ke la,

Mawu si kpɔa nublanui,

eye wòvea ame nu lae nènye,

mèdoa dɔmedzoe kabakaba o,

lɔlɔ̃ ɖe asiwò, eye nèwɔa nuteƒe.

16 Trɔ ɖe ŋutinye, eye nàkpɔ nublanui nam;

na ŋusẽ dɔla, eye nàɖe viwò ŋutsu nuteƒewɔla.

17 Ɖe nyuiwɔwɔ ƒe dzesi fiam,

be nye futɔwo nakpɔe, eye ŋu nakpe wo,

elabena o Yehowa, wòe kpe ɖe ŋunye, eye nèfa akɔ nam.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-