Publicidade

Conversão

Por Bíblia Online

A conversão é o ato de se voltar para Deus — arrependendo-se do pecado e abraçando a graça. É o início de uma vida nova, transformada pelo amor de Cristo.

Arrependei-vos

Arrependei-vos e convertei-vos para que os vossos pecados sejam apagados. A conversão começa com a mudança de mente e coração.

Ke azɔ la, nɔviwo, mitrɔ dzi me, miatrɔ ɖe Mawu ŋu, be wòatutu miaƒe nu ̃wo ɖa, eye miaxɔ fafa tso aƒetɔ la gbɔ,

Petro ɖo eŋu na wo be, "Mitrɔ dzi me ne woade mawutsi ta na mi le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, be woatsɔ miaƒe nu ̃wo ake mi. Ekema miawo miaxɔ nunana sia, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.

Tsã la, Mawu mia ŋku ɖe amegbetɔ ƒe numanyamanya dzi. Ke azɔ la, eɖe gbe be ame sia ame natrɔ dzi me asubɔ ye ɖeka ko,

Tso esia dzi la, Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me be, "Midzudzɔ nu ̃ wɔwɔ ne miatrɔ ɖe Mawu ŋu, elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo!"

Miɖee fia to miaƒe agbe nyui nɔnɔ me be mietrɔ dzi me vavã.

Eɖe gbeƒã be, "Ɣeyiɣi la de azɔ! mawufiaɖuƒe la gogo! Mitrɔ dzi me ne mianɔ agbe ɖe nyanyui la ƒe ɖoɖowo nu."

O amor de Deus converte

Céu se alegra por um pecador que se arrepende. Deus não deseja a morte do ímpio, mas que se converta e viva.

"Nenema kee dziƒonɔlawo akpɔ dzidzɔ le nu ̃ wɔla ɖeka si dzudzɔ nu ̃ wɔwɔ la ŋu tsɔ wu ame blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ siwo mehiã na dzimetɔtrɔ o.

Nenema kee mawudɔlawo kpɔa dzidzɔe nenye be nu ̃ wɔla ɖeka trɔ dzi me."

Menye ame dzɔdzɔewo ta meva ɖo o, ke boŋ nu ̃ wɔlawo ko, hena dzimetɔtrɔ."

Elabena nyemekpɔa dzidzɔ le ame aɖeke ƒe ku ŋuti o. Mitrɔ dzi me ne mianɔ agbe. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.

"Ke ne ame ̃ɖi aɖe ɖe asi le nu ̃ siwo katã wòwɔ la ŋuti, eye wòlé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi, eye wòwɔ nu si dzɔ, henyo la, anɔ agbe godoo; maku o.

Luʋɔ si nu ̃ la aku

Yehowa ƒe nya va nam. "Nya ka gblɔm amewo le ne wodo lo sia tso Israel ŋu be,

" Fofowo ɖu waintsetse gbogbowo,

eye aɖu nyɔ wo viwo?’ "

"Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, Zi ale si mele agbe la, miagado lo sia le Israel o. Elabena luʋɔ ɖe sia ɖe nye tɔnye, fofo kple vi, wo ame eveawo siaa nye tɔnye. Luʋɔ si nu ̃ lae aku!

"Le kpɔɖeŋu me, ne ame dzɔdzɔe aɖe li,

si wɔa nu dzɔdzɔe, eye wole eteƒe

Meɖua nu le nuxeƒewo, le tawo dzi loo

alo kpɔa Israel ƒe aƒe ƒe legbawo dzi ɖa o.

Medɔa nɔvia srɔ̃ gbɔ o.

Alo dɔa nyɔnu gbɔ ne ekpɔ dzinu o.

Metea ame aɖeke ɖe to o.

Ke egbugbɔa awɔbanu si wòxɔ ɖe fe nu la na nutɔ.

Medaa adzo ame o, ke boŋ enaa eƒe nuɖuɖu dɔwuitɔ,

eye wònaa nutata amamanɔla.

Medoa ga, xɔa deme ɖe edzi o,

alo baa ame o.

Eɖea eƒe asi ɖa le nu ̃ wɔwɔ me,

eye wòdrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe

le ame kple ehavi dome.

Ezɔna ɖe nye ɖoɖowo nu,

eye wòwɔa nye seawo dzi nyateƒetɔe.

Ame ma nye ame dzɔdzɔe,

eye wòanɔ agbe godoo."

Aƒetɔ Yehowae gblɔe.

"Le kpɔɖeŋu me, ne viŋutsu sẽŋuta aɖe le esi, ame si kɔa ʋu ɖi, eye wòwɔa nu ̃ bubu siawo dometɔ aɖe, togbɔ be fofoa ya mewɔa nu ̃ siawo dometɔ aɖeke o . Eɖua nu le nuxeƒewo le towo dzi, Edɔna kple nɔvia srɔ̃.

"Etea ame dahewo kple hiãtɔwo ɖe to.

Edaa adzo ame.

Megbugbɔa awɔbanu na nutɔ o.

Ekpɔa legbawo dzi ɖa.

Ewɔa ŋukpenanuwo.

Edoa ga, xɔa deme ɖe edzi, eye wòbaa ame.

Ame sia tɔgbi anɔ agbea? Manɔ agbe o. Esi wòwɔ ŋunyɔnu siawo katã ta la, woawui godoo, eye eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi.

"Ke ne viŋutsu sia dzi viŋutsu, ame si kpɔa nu ̃ siwo katã fofoa wɔna, gake togbɔ be ekpɔ fofoa ƒe nu ̃wo la, mewɔa nu ̃ ma tɔgbiwo o.

"Meɖua nu le nuxeƒewo, le towo dzi o,

alo kpɔa Israel ƒe aƒe ƒe legbawo dzi ɖa o.

Medɔa ehavi srɔ̃ gbɔ o.

Metea ame aɖeke ɖe to o,

eye mexɔa awɔbanu hafi doa ga na ame o.

Medaa adzo ame o,

ke boŋ enaa eƒe nuɖuɖu dɔwuitɔwo,

eye wònaa nutata amamanɔlawo.

Eɖea eƒe asi ɖa le nu ̃ wɔwɔ me,

eye mexɔa deme alo baa ame o.

Ewɔa nye sewo dzi, eye wòzɔna ɖe nye ɖoɖowo nu.

Maku ɖe fofoa ƒe nu ̃wo ta o; anɔ agbe godoo. Ke fofoa ya aku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu ̃wo ta, elabena exɔa nu sesẽtɔe le ame si, daa adzo nɔvia, eye wòwɔa nu si gblẽ la le eƒe amewo dome.

"Ke miebia be, Nu ka ta viŋutsu maxɔ fofoa ƒe nu ̃ ƒe akpa aɖe o?Esi viŋutsu la nu si le dzɔdzɔe, henyo, eye wòkpɔ egbɔ be yelé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi ta la, anɔ agbe godoo. Luʋɔ si nu ̃ lae aku. Viŋutsu la maxɔ fofoa ƒe nu ̃ ƒe akpa aɖeke o. Woatsɔ ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye ana eya ŋutɔ, eye woatsɔ ame ̃ɖi ƒe nu ̃ɖiwo wɔwɔ .

"Ke ne ame ̃ɖi aɖe ɖe asi le nu ̃ siwo katã wòwɔ la ŋuti, eye wòlé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi, eye wòwɔ nu si dzɔ, henyo la, anɔ agbe godoo; maku o. Womagaɖo ŋku nu ̃ siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi ɖe eŋu o. Le nu nyui siwo wòwɔ ta la, anɔ agbe. Ɖe mekpɔa dzidzɔ le ame ̃ɖi ƒe ku ŋutia? Ke boŋ ɖe nyemekpɔa dzidzɔ ne wotrɔ tso woƒe ̃wo dzi henɔ agbe nyui oa?" Nenemae Aƒetɔ Yehowa gblɔ.

"Ke ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu ̃ kple ŋukpenanu siwo ame ̃ɖiwo wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womagaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi o. Le nuteƒe si mewɔ o kple nu ̃ siwo wòwɔ ta la, aku.

"Ke miegblɔna be, Aƒetɔ la ƒe mele eteƒe o.’ " See, O! Israel ƒe aƒe. Ɖe nye mele eteƒe oa? Menye miawo boŋ ƒe mɔwoe mele eteƒe oa? Ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu ̃ la, aku le eta. Le nu ̃ si wòwɔ ta la, aku. Ke ne nu ̃ wɔla aɖe ɖe asi le eƒe nu ̃ siwo wòwɔ ŋu, eye wòwɔ nu si dzɔ, eye wònyo la, aɖe eƒe agbe. Esi wòbu nu ̃ siwo katã wòwɔ ŋu, eye wòɖe asi le eŋu ta la, anɔ agbe godoo; maku o. Ke Israel ƒe aƒe le gbɔgblɔm be, "Aƒetɔ la ƒe mele eteƒe o?" Menye miawo ƒe mɔwo boŋue mele eteƒe oa?

Eya ta Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, "O! Israel ƒe aƒe, esia ta madrɔ̃ ʋɔnu mi, ame sia ame ɖe eƒe mɔwo nu. Mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe dzidadawo katã ŋuti, ekema nu ̃ manye miaƒe anyidzedze o. Miɖe miaƒe nu ̃ siwo katã miewɔ la ɖa le mia ɖokuiwo ŋu, eye miaxɔ dzi yeye aɖe kple gbɔgbɔ yeye aɖe. Nu ka ta miaku, O! Israel ƒe aƒe? Elabena nyemekpɔa dzidzɔ le ame aɖeke ƒe ku ŋuti o. Mitrɔ dzi me ne mianɔ agbe. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.

Aƒetɔ la mele wɔwɔm blewublewu le eƒe ŋugbedodo la me abe ale si ame aɖewo se blewu gɔmee ene o. Egbɔ dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ be amewo katã natrɔ dzi me.

Transformação

Voltai-vos para mim e sereis salvos! Rasgai o coração e não as vestes. A verdadeira conversão transforma o interior.

Ame ̃ɖi neɖe asi le eƒe ̃ ŋu,

eye ŋutasẽla neɖe asi le eƒe susu ̃wo ŋu,

netrɔ ɖe Yehowa ŋu be wòakpɔ nublanui

kple miaƒe Mawu la ŋu,

elabena atsɔ wo akee faa.

Mekplɔ vodadawo dzoe abe lilikpo ene,

eye mena nu ̃wo nu va yi

abe ahũ si dza le fɔŋli ene.

Trɔ̃ va gbɔnye,

elabena meɖe ."

Mitrɔ dzi me

"Eya ta Yehowa be,

Mitrɔ ɖe ŋunye azɔ,

kple miaƒe dzi blibo.

Miva kple nutsitsidɔ,

avifafa kple konyifafa.’ "

Midze miaƒe dziwo,

menye miaƒe awuwo o.

Mitrɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la

ŋu, elabena amenuveve

kple nublanuikpɔkpɔ ɖe esi.

Medoa dziku kabakaba o,

eƒe me nyo, eye metsia dzi be yeahe to na ame o.

ekema ne nye dukɔ, ame siwo ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo abɔbɔ wo ɖokui, ado gbe ɖa, adi nye ŋkume eye woaɖe asi le woƒe ̃wo ŋu la, mase woƒe gbedodoɖa le dziƒo, matsɔ woƒe nu ̃wo ake wo eye mayɔ woƒe anyigba.

Hezekia ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la

Hezekia ɖo du ɖe Israel kple Yuda blibo la eye wòŋlɔ agbalẽwo ɖo ɖe Efraim kple Manase toawo, wo kpem be woava Yehowa ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem eye woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la. Fia la kple eƒe dziɖulawo kple ameha blibo la si Yerusalem ɖo tame be yewoaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti evelia me. Womete ŋu ɖu ŋkekenyui sia le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi ƒe sia ƒe o elabena nunɔla siwo wo ɖokuiwo ŋu la mesɔ gbɔ o eye ameawo mekpe ta ɖe Yerusalem o. Fia la kple eƒe aɖaŋudelawo katã ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi eya ta woɖe gbeƒã Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu to Israelnyigba blibo la dzi, tso Dan yi Beerseba eye wokpe ame sia ame va Yerusalem hena ŋkekenyuia ɖuɖu na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, elabena eteƒe didi Israelviwo megaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la kpɔ, abe ale si woŋlɔe ɖi ene o.

Dɔlawo agbalẽawo le fia la kple eƒe amegãwo si ɖatsa le le Israel blibo la kple Yuda eye wogblɔ le fia la ƒe sedede nu be be,

"Israelviwo, mitrɔ gbɔ va Yehowa, Abraham kple Isak kple Israel ƒe Mawu la gbɔ, ale be eya natrɔ ɖe mi ame siwo do le Asiria fiawo ƒe ŋusẽ te la ŋu. Miganɔ abe mia nɔviwo, ame siwo nu ̃ ɖe Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu ŋu eye wòtsrɔ̃ wo la ene o. Miganye kɔlialiatɔwo abe woawo ene o, ke boŋ miɖe asi le mia ɖokuiwo ŋu na Yehowa eye miatrɔ va eƒe gbedoxɔ si ŋu wokɔ tegbee la me. Misubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ale be eƒe dɔmedzoe helihelĩ la naɖe ɖa le mia dzi. Ne miegatrɔ ɖe Aƒetɔ la ŋu la, ame siwo ɖe aboyo mia nɔviwo kple mia viwo la, akpɔ nublanui na wo eye woagate ŋu atrɔ agbɔ va anyigba sia dzi elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe dɔme nyo eye eƒe amenuveve li tegbee eya ta magble ɖi, ne míetrɔ ɖe eŋu o."

Ale dɔlawo tsa le duwo katã me le Efraim kple Manase kple Zebulon. Ke enuenu la, ameawo xɔa wo kple nukoko kple vlodoame! Ke ame aɖewo ya tso Aser, Manase kple Zebulon ƒe viwo dome trɔ ɖe Mawu ŋu eye wova Yerusalem. Le Yuda la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ nyɔ didi sesẽ aɖe le dukɔ blibo la me be woawɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi abe ale si fia la kple eŋumewo bia tso wo si la ene.

Ale ameha aɖe va kpe ta ɖe Yerusalem le ɣleti evelia me hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. Wogbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo kple dzudzɔdovɔsamlekpuiwo katã le Yerusalem eye wolɔ woƒe gbagbãwo yi ɖakɔ ɖe Kidron tɔʋu la me.

Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, ameawo wu alẽviwo hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. Ŋukpe nunɔlawo kple Levitɔwo, ale wokɔ wo ɖokuiwo ŋu eye wotsɔ numevɔsanuwo yi gbedoxɔ la me. Wotsi tsitre ɖe woƒe nɔƒewo abe ale si Mose, Mawu ƒe ame la, ƒe sewo ɖo na wo ene. Levitɔwo tsɔ vɔsalẽwo ƒe ʋu na nunɔlawo eye wohlẽe.

Esi ameawo dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋu o ta la, womete ŋu wu alẽviwo na Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu o eya ta Levitɔwo wu wo na wo eye wotsɔ alẽviawo de asi na Yehowa. Hekpe ɖe esia ŋu la, ame siwo tso Efraim, Manase, Isaka kple Zebulon ƒe hlɔ̃wo me va la, dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋuti o ale womenɔ Ŋutitotoŋkekenyui la ɖum nyuie ɖe se la nu o. Fia Hezekia do gbe ɖa ɖe wo ta be, "Oo Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, le dɔmenyo ta la, tsɔ nu ̃ ke ame siwo le subɔwòm kple woƒe dzi blibo togbɔ be womekɔ wo ɖokuiwo ŋu o ." Yehowa se Hezekia ƒe gbedodoɖa eye metsrɔ̃ ameawo o.

Ale Israelviwo ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le Yerusalem ŋkeke adre kple dzidzɔ . Le ɣe ma ɣi la, Levitɔwo kple nunɔlawo kafua Mawu sesĩe kple hadzidziwo kple gakogoewo gbe sia gbe.

Fia Hezekia kafu Levitɔwo le woƒe ha viviwo dzidzi ta. Ale ŋkekenyui la ɖuɖu yi edzi ŋkeke adre. Wosa akpedavɔwo eye amewo ʋu woƒe nu ̃wo me na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la.

Ameawo gayi vividodo ɖe ŋkekenyui la ŋu dzi eya ta wo katã woɖoe be yewoagayi ŋkekenyui la ɖuɖu dzi ŋkeke adre bubu. Fia Hezekia na nyitsu akpe ɖeka (1,000) kple alẽ akpe adre (7,000) ameawo eye fiaviŋutsuwo na nyitsu ̃ akpe ɖeka (1,000) kple alẽ akpe ewo (10,000). Nunɔla geɖewo wo ɖokuiwo ŋu ɣe ma ɣi. Yudatɔwo, nunɔlawo, Levitɔwo kple amedzrowo kple ame siwo tso Israelnyigba dzi va la kpɔ dzidzɔ aɖe. Eva eme alea elabena womegaɖu ŋkekenyui sia tɔgbi kpɔ alea le Yerusalem le Solomo, Fia David ƒe vi ƒe ŋkekewo megbe o. Azɔ la, nunɔlawo kple Levitɔwo tsi tsitre, yra ameawo eye Yehowa se woƒe gbedodoɖawo le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me le dziƒo.

Nuxɔxlɔ̃ amewo be woatrɔ ɖe Yehowa ŋu

Le ɣleti enyilia me le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, gbe tso Yehowa gbɔ va na Nyagblɔɖila Zekaria, Berekia ƒe vi kple Ido ƒe tɔgbuiyɔvi be,

"Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia fofowo ŋu vevie, eya ta gblɔ na ameawo be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye matrɔ ɖe mia ŋu!Miganɔ abe mia fofowo ene o, ame siwo nyagblɔɖila tsãtɔwo gblɔ na be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: Mitrɔ le miaƒe ̃wo dzi, eye miaɖe asi le miaƒe nu ̃ɖi wɔwɔwo ŋuti.Gake wogbe toɖoɖom, eye wometsɔ ɖeke le eme nam o. Afi ka mia fofowo le fifia, eye ɖe nyagblɔɖilawo nɔa agbe tegbea? Ke ɖe nye nya kple ɖoɖo siwo mede asi na nye dɔla, nyagblɔɖilawo la meva mia fofowo dzi oa?

"Le esia ta la, wotrɔ dzi me gblɔ be, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la na ɖe míaƒe mɔwo kple wɔnawo nu abe ale si wòɖoe be yeawɔ ene.’ "

Sɔdola si le amitiwo dome

Le ɣleti wuiɖekɛlia si nye Sebat ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Zekaria, Berekia ƒe vi kple Ido ƒe tɔgbuiyɔvi.

Mekpɔ ŋutega le me, eye le ŋutega la me la, mekpɔ ŋutsu aɖe wònɔ dzĩ aɖe dom. Sɔdola la tsi tsitre ɖe amitive aɖe me le bali aɖe me. dzĩ, hẽ kple ɣi bubuwo emegbe.

Mebia be, "Nye Aƒetɔ, nu kawoe nye esiawo?"

Mawudɔla si nu ƒom kplim la ɖo eŋu nam be, "Mafia nu si wonye la ."

Tete ame si tsi tsitre ɖe amitiawo dome la ɖe eme nam be, "Woawoe nye ame siwo Yehowa be woatsa le anyigba blibo la dzi."

Wova gblɔ na Yehowa ƒe dɔla, ame si tsitre ɖe amitiawo dome la be, "Míetsa le anyigba blibo la dzi, eye dzidzedze kple ŋutifafa le afi sia afi."

Esi Yehowa ƒe dɔla la se nya siawo la, edo gbe ɖa be, "O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, ƒe blaadree nye esi, esi nètrɔ dɔmedzoe ɖe Yerusalem kple Yuda ƒe duwo dzi. Va se ɖe ɣe ka ɣi nàgakpɔ nublanui na wo?" Yehowa ɖo eŋu na mawudɔla si le xanye la hegblɔ akɔfanyawo kple dzideƒonyawo .

Tete mawudɔla si nu ƒom kplim la gblɔ be, "Ɖe gbeƒã nya sia: ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: Meʋã ŋu ɖe Yerusalem kple Zion nu ŋutɔ, ke mekpɔ dɔmedzoe vevie ɖe dukɔ siwo susu be yewole dedie la ŋuti. Ke dɔmedzoe vi aɖe ko mekpɔ, gake woawoe he dzɔgbevɔ̃e la .

"Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: Matrɔ ɖe Yerusalem ŋu kple nublanuikpɔkpɔ. Le afi ma, woagbugbɔ nye la atu, eye woatsɔ nudzidzeka aɖo Yerusalem katã ŋuti.Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

"Yi edzi, nàɖe gbeƒã be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, Nye duwo agagbagba kple dzidzedze, Yehowa agafa akɔ na Zion, eye wòagatia Yerusalem.’ "

Lãdzo eneawo kple aɖaŋudɔwɔla eneawo

Esi mefɔ dzi la, mekpɔ lãdzo ene le nye ŋkume. Mebia mawudɔla la be "Nu kawoe nye esiawo?"

Eɖo eŋu nam be, "Woawoe nye lãdzo siwo kaka Yuda, Israel kple Yerusalem."

Yehowa gaɖe gbede ene fiam. Mebia be, "Nu ka ge wogbɔna?"

Eɖo eŋu nam be, "Esiawoe nye lãdzo siwo kaka Yuda ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu afɔ ta dzi o. Ke gbedeawo va be woado ŋɔdzi na wo, eye woatsɔ dukɔwo ƒe lãdzo siawo aƒu ame siwo woƒe dzowo dzi ɖe Yudanyigba ŋu be yewoakaka eƒe amewo la anyi."

Mehea to na ame sia ame si melɔ̃na la enuenu, eya ta ele be mahe to na , negbe ɖeko nàɖe asi le ɖekematsɔleme ŋu, eye nàtsɔ dzo ɖe nu siwo ku ɖe Mawu ŋu la ŋuti hafi.

Eya ta migbe nu le anyigbadzinu siwo fũu kple nu ̃ la gbɔ; miwu didi ̃ siwo le fiefiem le mia me. Migawɔ naneke si ku ɖe ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fieŋuifieŋui, nudzodzro ̃ kple ŋukeklẽ si nye trɔ̃subɔsubɔ o.

Migatsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa aɖeke ̃ɖivɔ̃ɖinyenye ƒe dɔwɔnu na nu ̃ o, ke boŋ mitsɔ mia ɖokuiwo na Mawu abe ame siwo wogbɔ agbe tso ku me ene; eye mitsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ɖo anyi abe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔnu ene.

Miwɔ nyui na amewo katã

Nɔviwo, ne ame aɖe dze nu ̃ me la, mi ame siwo Gbɔgbɔ la kplɔna la, miɖɔ ame ma ɖo le dɔmefafa me. Ke miɖɔ ŋu ɖo, be woagate miawo kpɔ o.

Eya ta miɖe ŋutilãmeɖiƒoƒowo katã ɖi kple nu ̃ɖi wɔwɔ si ɖe mia dome la ɖi, eye miatsɔ ɖokuibɔbɔ axɔ nya si wodo ɖe mia me, esi si ŋusẽ le be wòaɖe miaƒe luʋɔwo.

Seja o primeiro
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-