Dívidas
As dívidas podem escravizar, mas a Bíblia nos ensina princípios de sabedoria financeira: não se endividar imprudentemente, pagar o que se deve e confiar em Deus como provedor.
O devedor é servo do credor
O rico domina sobre o pobre, e o que toma emprestado é servo do que empresta. A Bíblia convida à liberdade financeira.
Kesinɔtɔwo ɖua gã ɖe ame dahewo dzi
eye nugbanadola zua dɔla na ame si do nugbana la nɛ.
Mègagbe nyuiwɔwɔ na ame siwo dze nɛ,
ne ele wò ŋusẽ me be nàwɔe o.
Ga si wokpɔ to mɔ fitifiti dzi la nu va yina,
ke ame si dia ga vivivi la wɔnɛ be wòdzina ɖe edzi.
"Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋu vevie, eye wòagbe nu le evelia gbɔ. Màte ŋu asubɔ Mawu kple ga o.
Princípios financeiros
Pagai a todos o que lhes é devido. Deus promete que o justo não será desamparado e que a bênção virá sobre os obedientes.
Mixe fe na ame sia ame abe ale si wòdzee ene. Mixe miaƒe dugawo kple adzɔwo dzidzɔtɔe. Miɖo to miaƒe tatɔwo, eye mitsɔ bubu na ame sia ame si dze bubu la.
Migana naneke ƒe fe natsi mia ŋu o, negbe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe ko. Migaxe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe sia vɔ gbeɖe o! Elabena ne mielɔ̃ wo la, miawɔ Mawu ƒe seawo katã dzi, eye miawɔ nu sia nu si Mawu bia tso mia si la.
Ame vɔ̃ɖi doa nugbana, eye mexea fea o,
ke ame dzɔdzɔe ya naa nu faa.
"Ne ame aɖe be yeanɔ yonyeme la, ele be wòabu eŋuti kpɔ nyuie hafi. Ame kae aɖo be yeatu xɔ ke mawɔ akɔnta tso ga home si wòagblẽ la ŋu, eye wòakpɔe ɖa be ga si le ye si la ade xɔa tutu nu o mahã?
Ne nu le asiwò, eye ame aɖe bia wò la, nae eye mègabia be netrɔe vɛ na ye o.
Tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí abe
ale si míawo hã míetsɔnɛ kea,
ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la ene.
Contentamento
Seja o vosso viver sem ganância, contentando-vos com o que tendes. O Senhor é suficiente — não nos desamparará.
Mite mia ɖokuiwo ɖa xaa tso galɔlɔ̃ gbɔ, eye nu si le mia si la nedze mia ŋu, elabena Mawu gblɔ be,
"Nyemaɖe asi le mia ŋu akpɔ o,
eye nyemagblẽ mi ɖi akpɔ gbeɖe o."
Yehowa miaƒe Mawu ayra mi abe ale si wòdo ŋugbe ene. Miado ga na dukɔ geɖewo, gake mahiã gbeɖegbeɖe be miawo ya miado ga o! Miaɖu dukɔ geɖewo dzi, gake woawo ya maɖu mia dzi o!