Doença
A doença é realidade humana que a Bíblia confronta com compaixão e poder. Jesus curou toda enfermidade e prometeu ouvir a oração da fé pelos enfermos.
Jesus, o curador
Jesus percorreu toda a Galileia curando toda enfermidade e doença entre o povo. Pelo seu nome, curas continuam acontecendo.
Yesu tsa le kɔƒe kple du siwo le nuto ma me la kpe ɖo. Enɔ mawunya gblɔm le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo, eye wònɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la ƒe nyanyui la hã, eye afi sia afi si wòyi la, edaa gbe le dɔ ƒomevi vovovo lélawo ŋu.
Mida gbe le dɔnɔwo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo, mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. Mina nu amewo faa abe ale si wona mi ene!
Mida gbe le dɔnɔwo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo, mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. Mina nu amewo faa abe ale si wona mi ene!
Gbe ma gbe ƒe fiẽ la, wokplɔ ame geɖe siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ fu ɖem na la va Yesu gbɔ, eye ne wògblɔ nya ɖeka ko la, gbɔgbɔ vɔ̃awo doa go le ameawo me hesina dzona. Ale dɔnɔwo katã ƒe lãme sẽ. Esia wu Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyawo nu be,
"Etsɔ míaƒe vevesesewo,
eye wòde ta míaƒe dɔlélewo te."
Awu menɔ ŋunye o, gake mietsɔ awu nam medo. Medze dɔ, eye mieva kpɔm ɖa. Menɔ gaxɔ me, eye mieɖi tsa va gbɔnye.’
"Ame dzɔdzɔewo abia be, ‘Aƒetɔ, ɣe ka ɣi míekpɔ wò dɔ nɔ wuwòm, eye míena nuɖuɖu wò? Alo tsikɔ nɔ wuwòm, eye míena tsi wò nèno kpɔ? Ɣe ka ɣi nèva dze mí abe amedzro ene, eye gbe ka gbee míetsɔ awu na wò nèdo kpɔ? Ɣe ka ɣi wode wò gaxɔ me alo nedze dɔ, eye míeva kpɔ wò ɖa?’
"Eye Nye, Fia la, maɖo eŋu na wo be, ‘Vavã, mele egblɔm na mi bena, esi miewɔ nu siawo katã na nɔvinye sue siawo dometɔ aɖe ta la, nyee miewɔ wo na!’
Yesu se nya siwo gblɔm wonɔ la, ale wògblɔ na wo be, "Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe. Menye ame dzɔdzɔewo ta meva ɖo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo ta, be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ."
Mida gbe le dɔnɔ siwo le afi ma la ŋu, eye miɖe gbeƒã na wo be, ‘Mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome vɔ azɔ.’
Gbe ɖeka Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒui, eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ameawo me, eye woada gbe le dɔ ƒomevi vovovowo lélawo ŋu. Le esia megbe la, edɔ wo ɖa be woagblɔ mawufiaɖuƒe la ƒe vavanya na ame sia ame, eye woayɔ dɔ dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi.
Promessas de cura
Eu sou o Senhor que te sara. As Escrituras prometem cura para o corpo e para a alma aos que confiam em Deus.
"Ne miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe, miawɔ nu si dza le eƒe ŋkume, eye miawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi la, ekema nyemana dɔléle siwo mena wova Egiptetɔwo dzi la nava mia dzi o, elabena nyee nye Yehowa, nyee daa gbe le mia ŋu."
"Subɔ Yehowa, wò Mawu la ɖeɖe ko, ekema mayra wò kple nuɖuɖu kple tsi, eye maɖe dɔléle ɖa le mia dome.
"Subɔ Yehowa, wò Mawu la ɖeɖe ko, ekema mayra wò kple nuɖuɖu kple tsi, eye maɖe dɔléle ɖa le mia dome.
Yɔ dɔm, O Yehowa eye makpɔ dɔyɔyɔ.
Ɖem ekema makpɔ ɖeɖe elabena wòe mekafuna.
Ame si tsɔ wò vodadawo katã kea wò,
eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu.
Eda gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu,
eye wòbla woƒe abiwo na wo.
Yehowa ʋua ŋku na ŋkuagbãtɔwo,
Yehowa fɔa ame siwo wote ɖe anyi la ɖe dzi,
Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo ƒe nya.
Woayra ame si tsɔ ɖe le eme na ame dahewo,
Yehowa aɖee le xaxaɣi.
Yehowa adzɔ eŋu, eye wòakpɔ eƒe agbe ta.
Yehowa ayrae le anyigba dzi,
eye matsɔe ade asi na eƒe futɔwo ƒe didi o.
Yehowa anɔ kplii le dɔba dzi, eye wòana lãmesesẽe,
afɔe tso dɔba dzi.
Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, medo gbe ɖa be nànɔ lãmesesẽ me, eye nu sia nu nadze edzi na wò nyuie abe ale si wò luʋɔ gɔ̃ hã le dedie ene.
Oração pelos doentes
A oração da fé salvará o enfermo. Confessai as ofensas uns aos outros e orai uns pelos outros para serdes curados.
Ame aɖe le dɔ lém le mia domea? Neyɔ hanunɔlawo ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye woasi ami nɛ le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me. Eye gbe si wodo ɖa le xɔse me la ana be amea ƒe lãme nasẽ, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre. Ne ewɔ nu vɔ̃ hã la, woatsɔe akee.
Ame aɖe le dɔ lém le mia domea? Neyɔ hanunɔlawo ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye woasi ami nɛ le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me. Eye gbe si wodo ɖa le xɔse me la ana be amea ƒe lãme nasẽ, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre. Ne ewɔ nu vɔ̃ hã la, woatsɔe akee.
Eya ta miʋu miaƒe nu vɔ̃wo me na mia nɔewo, eye miado gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta be miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe gbedodoɖa nu sẽna, eye wòwɔa dɔ.
Mawu ƒe gãnyenye kple nukunu siwo teƒe mekpɔ la, menye nu bɔbɔe o, eye be nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la tae Mawu na be dɔléle aɖe ge ɖe nye ŋutilã me si zu ŋu nɔa fu ɖem nam. Esia nye Satana ƒe dɔla ƒe nuwɔna. Medo gbe ɖa na Aƒetɔ la zi etɔ̃ sɔŋ kple kukuɖeɖe be wòaɖe dɔléle sia ɖa le menye. Ke ɣe sia ɣi la, Aƒetɔ la gblɔna nam be, "Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò, elabena meɖea nye ŋusẽ fiana to ame siwo gbɔdzɔ le ŋutilã me la dzi." Eya ta enye dzidzɔ nam be maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, ale be Kristo ƒe ŋusẽ blibo la katã nadze le menye. Esi menya be Kristo ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu wònye be nu sia nadzɔ ɖe dzinye ta la, mekpɔa dzidzɔ be "ŋu" sia le nye ŋutilã me. Mekpɔa dzidzɔ hã be amewo dzuam, tia nye agbe yome, eye meɖoa xaxa kple hiã geɖe me, elabena mekpɔa ŋusẽ to gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye zi ale si megbɔdzɔ la, zi nenema ke mesẽa ŋue.
Esperança na aflição
Ele tomou sobre si as nossas enfermidades. Mesmo na doença, o coração alegre serve de bom remédio e Deus dá esperança.
Ke le nyateƒe me la, eyae tsɔ míaƒe dɔlélewo,
eye wòde ta míaƒe vevesesewo te,
gake míebui abe ame si Mawu ƒo,
eye wòtsɔ fukpekpewo da ɖe edzi la ene.
Ke le nyateƒe me la, eyae tsɔ míaƒe dɔlélewo,
eye wòde ta míaƒe vevesesewo te,
gake míebui abe ame si Mawu ƒo,
eye wòtsɔ fukpekpewo da ɖe edzi la ene.
Amewo do vloe, eye wogbee.
Ŋutsu si dzi vevesese kple fukpekpe le la wònye.
Ele abe ame si ta amewo tsɔ nu tsyɔ ŋkume ɖo la ene.
Wodo vloe, eye míebui ɖe naneke me o.
Dzi si kpɔa dzidzɔ la nye atike nyui,
ke gbɔgbɔ si wote ɖe to la nana ƒu tome ƒuna kplakplakpla.
Ame ƒe gbɔgbɔ lénɛ ɖe te le dɔléle me,
ke ame ka ate ŋu atsɔ gbɔgbɔ si gbã gudugudu?
Mɔkpɔkpɔ si woɖe ɖa la nana dzi léa dɔ,
ke didi si va eme la nye agbeti.
Esi mezi ɖoɖoe la,
nye ŋeŋe atraɖii ŋkeke blibo la katã na nye ƒuwo nyunyɔ.
Abe ale si mienyae ene la, menɔ dɔ lém esi metsɔ nyanyui la vɛ na mi zi gbãtɔ. Togbɔ be nye dɔléle la nye nuɖiaɖia hã la, miegbe nu le gbɔnye alo do vlom o, ke boŋ miexɔm, eye miekpɔ dzinye abe mawudɔla aɖe menye alo Yesu Kristo ŋutɔ ene.
Ke hã la, esia mefia be nàtsri wain keŋkeŋ o. Ele be nàno sue aɖe ɣe aɖewo ɣi abe atike ene ɖe wò dɔmeɖu la ta, elabena èdzea dɔ kabakaba.
Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo dzi; ku alo konyifafa alo avifafa alo vevesese maganɔ anyi o, elabena nuɖoanyi xoxoawo nu va yi."