Ensinar
Ensinar é mandamento e dom. A Bíblia exorta pais, líderes e mestres a transmitir a verdade divina com fidelidade, paciência e sabedoria para as próximas gerações.
Ensinar a Palavra
Toda Escritura é útil para ensinar. Quem ouve as palavras de Jesus e as pratica é como o homem sábio que construiu sobre a rocha.
Mawu tsɔ eƒe nya la na mí to eƒe Gbɔgbɔ si wɔ dɔ le amewo me la dzi, eya ta Biblia nyo hena nufiafia tso nu siwo nye nyateƒe la ŋu kple ale si wòana míadze si nu siwo nye nu vɔ̃ le míaƒe agbenɔnɔ me. Edaa mí ɖe mɔ dzɔdzɔe dzi, eye wòkpena ɖe mía ŋu be míawɔ nu si nyo, eye wòdze. Eyae nye Mawu ƒe mɔ si dzraa mí ɖo nyuie le go sia go me hena nyuiwɔwɔ na ame sia ame.
"Ame sia ame si sea nye nya, eye wòwɔna ɖe edzi la le abe nunyala si tu eƒe xɔ ɖe agakpe sesẽ dzi ene.
Mina be Kristo ƒe nya la natso aƒe ɖe mia me le agbɔsɔsɔ me, esi miele nu fiam, le nu xlɔ̃m mia nɔewo kple Mawu me nunya. Midzi Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo kple akpedada le miaƒe dziwo me na Mawu.
Ele be nu siwo woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me gbe aɖe gbe ke la nafia dzigbɔɖi mí, eye woade dzi ƒo na mí, ale be míanɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Mawu aɖu nu vɔ̃ kple ku dzi la.
Israel fia Solomo, David ƒe vi ƒe lododowo nye esiawo:
na nunya kple amehehe,
na nya goglowo gɔmesese,
hena agbe dzɔdzɔe kple agbe ɖevi nɔnɔ,
be woawɔ nu si dzɔ,
nu si le eteƒe kple nu si nyo,
be ame gblɔewo nadze aɖaŋu eye woana nunya
kple sidzedze sɔhɛwo,
nunyalawo neɖo to,
ne woasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wonya xoxo la ŋu
eye ame siwo si sidzedze le xoxo la naxɔ aɖaŋu,
be woase nunyalawo ƒe lododowo
abebubuwo kple adzowo gɔme.
Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze,
ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.
Instruir as gerações
Ensina a criança nos caminhos de Deus. A geração que não conhece o Senhor perde a herança espiritual da fé.
Ele be nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo. Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele be nàbu se siwo mele nawòm egbe la ŋu ɣe sia ɣi. Ele be nàkui ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me alo ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple fɔfɔɣi abe nu gbãtɔ ene le ŋdi me.
Vinye, ɖo to fofowò ƒe nuxɔxlɔ̃
eye mègagbe nu le dawò ƒe nufiame gbɔ o.
Anye seƒoƒokuku aɖo atsyɔ̃ na wò ta
kple kɔga anɔ kɔwò.
Vinye, lé fofowò ƒe sededewo me ɖe asi
eye mègagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.
Bla wo ɖe wò dzi ŋuti tegbee
eye nàsae ɖe wò kɔ ŋuti.
Ne èle zɔzɔm la, woafia mɔ wò, ne èle alɔ̃ dɔm la,
woadzɔ ŋuwò eye ne ènyɔ la, woaƒo nu na wò
elabena sedede siawo nye akaɖi,
nufiafia sia nye kekeli eye ɖɔɖɔɖo
si amehehe hena vɛ la nye agbe ƒe mɔ,
Dze nunya, di gɔmesese,
mègaŋlɔ nye nyawo be alo aƒo asa na wo o.
Mègagbe nu le nunya gbɔ o ekema adzɔ ŋuwò,
lɔ̃e ekema akpɔ tawò.
Nunya ƒo nuwo katã ta
eya ta dze nunya.
Togbɔ be wò nunɔamesiwo katã nàtsɔ aƒlee hã la,
di gɔmesese.
De asixɔxɔ eŋu ekema ado wò ɖe dzi,
xɔe atuu ekema ade bubu ŋuwò.
Lé nufiame ɖe asi, mègana wòado le asiwò o;
dzɔ eŋuti nyuie elabena eyae nye agbe na wò.
Mègaka afɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe toƒewo
alo nàzɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzi o.
Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã,
elabena eyae nye agbe ƒe vudo.
Ɖe nya dzodzrowo ɖa le wò nu me,
eye te aʋatsonyawo ɖa xaa tso wò nuyiwo gbɔ.
Wò ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ tẽe
eye wò mo nelé mɔ ɖeka tsɔ le ŋgɔwò.
Ɖe toƒe sɔsɔewo na wò afɔwo
eye nàlé mɔ siwo dzi sẽ nyuie la ko atsɔ.
Mègadze ɖe ɖusime alo miame o,
eye ɖe wò afɔ ɖa le vɔ̃ me.
Nunyala ƒe nufiafia nye agbevudo,
eye wòɖea ame tso ku ƒe mɔkawo me.
"Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze
eye sidzedze Kɔkɔetɔ la nye gɔmesese
O! Nye dukɔ, mise nye nufiame,
eye miɖo to nye numenyawo.
Make nye nu, aƒo nu le lododowo me.
Magblɔ nu siwo le ɣaɣla,
nu siwo li tso blema ke.
Nu siwo míese, eye míenya,
nu siwo mía fofowo tsɔ tu xoe na mí.
Míawo míaɣlae ɖe mía viwo o,
ke boŋ míagblɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔ
siwo dze na kafukafu,
eƒe ŋusẽ kple nukudɔ
siwo wòwɔ la na megbeviwo.
Mlɔeba la, dzidzime mawo katã ku. Dzidzime si kplɔ wo ɖo la menya Yehowa loo alo nu siwo wòwɔ na Israel o.
Fidelidade no ensino
Quem ensina com fidelidade merece dupla honra. Cuidado com doutrinas falsas — permaneçam na doutrina de Cristo.
Hamedzikpɔla siwo wɔa hadɔ nyuie la dze na bubuteƒe eve, vevietɔ esiwo kua kutri le mawunyagbɔgblɔ kple efiafia me, elabena woŋlɔ ɖe mawunya me be, "Mègabla nu na nyitsu ne ele mɔlu tugum o." Wogagblɔ le teƒe bubu hã be, "Dɔwɔla dze na eƒe fetu."
Mègade nu nyahehe dzodzro siwo nana amewo wɔa nu vɔ̃ to dɔmedzoedodo ɖe wo nɔewo ŋu me la me o. Elabena to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo gblɔa nya aɖewo, siwo gblẽa nu ɣeyiɣi didi aɖe. Himenaio kple Fileto nye ame siawo tɔgbi le ale si wolɔ̃a nyahehe dzodzrowo la ta.
Ame sia ame si afia nu si to vovo tso Kristo ƒe nufiafia gbɔ la, mele Mawu me o. Ke ame si lé Kristo ƒe nufiafia me ɖe asi la le agbe le Fofo la kple Vi la me.
Esi ŋkekenyui la ƒe afã nu yi la, Yesu yi ɖe gbedoxɔ la me, eye wòde asi nufiafia amewo me. Ewɔ nuku na Yudatɔwo ƒe amegãwo ŋutɔ esi wose nu siwo gblɔm wònɔ le gbedoxɔ la me. Wobia be, "Aleke ame sia wɔ nya nu siawo, togbɔ be mede suku aɖeke o?"
Yesu ɖo eŋu be, "Nye la, nyemele nu siwo menya la fiam o, ke boŋ etso Mawu si dɔm ɖa la gbɔ. Ne ame aɖe di be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, akpɔe be nye nufiafia tso Mawu gbɔ loo alo enye nye ŋutɔ nye nyawo. Ame si le nu ƒom le eɖokui si la, ele kafukafu dim na eɖokui, gake ame si le didim be yeade bubu ame si dɔe ŋuti la, enye nyateƒetɔ, alakpa aɖeke mele eme o.